Kristotɔwo ƒe Subɔsubɔdɔa—Míaƒe Dɔ Vevitɔe Wònye
1 Dɔ vovovo le mía dometɔ ɖesiaɖe si wòle be míawɔ. Ƒomea me tɔwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ nye nusi Mawu di tso mía si. (Tim. I, 5:8) Ke hã mele be nusi Mawu ƒe nudidi ma bia navu atsyɔ Fiaɖuƒedɔ si nye gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔa dzi o.—Mat. 24:14; 28:19, 20.
2 Yesu ɖo kpɔɖeŋu ɖi na mí be míadze eyome le ‘fiaɖuƒea didi gbãgbiagbã’ me. (Mat. 6:33; Pet. I, 2:21) Togbɔ be ŋutilãmenu geɖe menɔ esi o hã la, etsɔ ɖe le Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me vevie. (Luka 4:43; 9:58; Yoh. 4:34) Edo vevie ɖaseɖiɖi na amewo le mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe si su esi me. (Luka 23:43; Tim. I, 6:13) Exlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be woawo hã natsi dzi ɖe nuŋeŋedɔa wɔwɔ ŋu vevie.—Mat. 9:37, 38.
3 Yesu Sɔsrɔ̃ Egbea: Míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu ne míedzea agbagba be míanɔ agbe tsɛ si ana míaƒe susu nanɔ Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ŋu. Ne agbemenuhiahiã veviwo le mía si la, ekema mina míawɔ ɖe aɖaŋu si Biblia ɖo be míagaƒo xexe sia me kesinɔnu geɖewo nu ƒu o la dzi. (Mat. 6:19, 20; Tim. I, 6:8) Aleke gbegbee wònyo wue nye si be míadzi míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ɖe edzi! Neva eme be míaʋli vevie abe alesi Yesu wɔe ene ne míedo go nɔnɔme sesẽwo hã, eye míagaɖe mɔ agbemedzimaɖitsitsi navu atsyɔ gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia, si nye míaƒe dɔ vevitɔ kekeake dzi o.—Luka 8:14; 9:59-62.
4 Amesiwo dzi agbanɔamedzi geɖewo le gɔ̃ hã tsɔ gbeƒãɖeɖedɔa ɖo nɔƒe gbãtɔ. Nɔviŋutsu aɖe si le dɔ ɖɔʋu aɖe wɔm eye ƒome gã aɖe le esi, eye wòganye hamemegã le Kristo-hamea me la gblɔ be: “Mebua subɔsubɔdɔa abe nye agbemedɔ vevitɔ ene.” Nɔvinyɔnu mɔɖela aɖe gblɔ be: “Mɔɖeɖedɔa wɔwɔ xɔ asi sasasã nam wu ŋutilãmedɔ dzedziname ɖesiaɖe.”
5 Aleke ke míaƒe nɔnɔmewo ɖale o, neva eme be míasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu. To mɔ ka nu? To alesi míana Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa nazu míaƒe dɔ vevitɔ me.