‘Míeklẽna abe Akaɖiwo Ene’
1 Le egbexexe si me gbɔgbɔmemenyenye kple agbenyuinɔnɔ yi to alea me la, Mawu vavã Yehowa subɔla siwo anɔ miliɔn ade kpɔtɔ le ‘keklẽm abe akaɖiwo ene’ le dukɔ 234 me le xexeame godoo. (Fil. 2:15) Esia wɔe be míeɖe dzesi. Aleke míenaa nyateƒea ƒe kekeli xɔasi si tso Yehowa gbɔ la klẽnae?—Kor. II, 3:18.
2 Míaƒe Nuwɔnawo: Enɔa bɔbɔe na amewo be woade dzesi míaƒe agbenɔnɔ. (Pet. I, 2:12) Nyɔnu aɖe de dzesii be Ðasefo aɖe si nye eƒe dɔwɔhati nyoa dɔme na ame eye wòkpena ɖe ame ŋu eye megblɔa gbegblẽnyawo loo alo doa vivi ɖe nya ƒaƒãwo sese ŋu o. Ne amewo di be yewoadi ge le Ðasefoa ŋu eye wogblɔ nya ƒaƒãwo le eŋkume la, eléa eɖokui kpoo hekuna ɖe nusi nyo ko ŋu. Ŋusẽ kae esia kpɔ ɖe nyɔnua dzi? Nyɔnua gblɔ be: “Eƒe agbenɔnɔ wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe be mete nyawo biabia tso Biblia ŋu. Medze Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ gɔme eye meva xɔ nyɔnyrɔ emegbe.” Egblɔ kpee be: “Eƒe agbenɔnɔe nye nusi ʋãm be maku nu me tso Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔsewo ŋu.”
3 Nɔnɔme si nɔa mía si ɖe dziɖuɖu ŋu, alesi míebua xexemenuwɔnawo, kple nya dzetowo gbɔgblɔ naa mí Yehowa Ðasefowo míeɖe dzesi be míawoe nɔa agbe ɖe Biblia ƒe dzidzenu kɔkɔwo nu. Nuwɔna nyui mawo ate ŋu ahe ŋutikɔkɔe vɛ na Yehowa eye wòahe amewo woava de ta agu nɛ.
4 Míaƒe Nyawo: Nyateƒee, amesiwo dea dzesi míaƒe agbenyuinɔnɔ mate ŋu anya nusi tututu tae míeto vovo ne míeƒo nu tso míaƒe dzixɔsewo ŋu na wo o. Ðe wò dɔwɔhatiwo kple sukuhatiwo nyae be Yehowa Ðasefoe nènyea? Ðe nèdia mɔnu be yeatrɔ gbesiagbe dzeɖoɖowo wòazu vomeɖaseɖiɖia? Ðe nèɖoe kplikpaa be yeana yeƒe “kekeli naklẽ le amewo ŋkume” le mɔnukpɔkpɔ nyui ɖesiaɖe mea?—Mat. 5:14-16.
5 Míaƒe dɔdasi wɔwɔ be míanye kekeliviwo bia ɖokuitsɔtsɔsavɔgbɔgbɔ. Ðokuitsɔtsɔna bliboe ƒe nɔnɔme ɖeɖe fia ʋãa mí be míaƒo asa na nusiwo mele vevie o be míate ŋu awɔ dɔ geɖe alesinu míate ŋui le agbeɖeɖedɔ si nye gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ me.—Kor. II, 12:15.
6 Mina míayi edzi aklẽ abe akaɖiwo ene to míaƒe nuwɔnawo kple míaƒe nyawo dzi. Ne míewɔe alea la, ana amewo nava wɔ ɖeka kpli mí le Yehowa kafukafu me.