INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 1/06 axa 4
  • Sɔhɛ Siwo Le Keklẽm Abe Akaɖiwo Ene

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Sɔhɛ Siwo Le Keklẽm Abe Akaɖiwo Ene
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Míeklẽna abe Akaɖiwo Ene’
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Nana be Míaƒe Kekelia Naklẽ Ðaa
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • “Mina Miaƒe Kekeli Naklẽ”
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Ðaseɖiɖi to Agbenɔnɔ Nyui Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
km 1/06 axa 4

Sɔhɛ Siwo Le Keklẽm Abe Akaɖiwo Ene

1. Aleke Biblia ɖee fia be Kristotɔwo aɖe dzesi etɔxɛe, eye aleke nya mawo ku ɖe Kristotɔ sɔhɛwo ŋu egbeae?

1 Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miawoe nye xexeame ƒe kekeli.” (Mat. 5:14, 16) Woadze nyuie abe alesi du si le to tame dzena le ŋdɔ me ene. Kristotɔ sɔhɛ siwo li egbea hã ‘klẽna abe akaɖiwo ene le xexeame’ to woƒe agbenyuinɔnɔ kple woƒe ɖaseɖiɖi dzonɔamemetɔe dzi.—Fil. 2:15; Mal. 3:18.

2. Mɔ siwo dzi nàte ŋu ato aɖi ɖase na sukuhatiwo kple nufialawo dometɔ aɖewo ɖe?

2 Le Suku: Mɔ kawo dzie nàte ŋu ato aɖi ɖase le suku? Numedzodzro tso atike vɔ̃ɖiwo zazã, dɔxɔleameŋuwo, nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia, kple bubuwo ŋu le suku nyea mɔnukpɔkpɔ siwo ŋudɔ sɔhɛ aɖewo wɔna tsɔ ɖia ɖasee. Nɔvinyɔnu aɖe zã sukudɔdasi aɖe, si ku ɖe nuŋɔŋlɔ tso nuvlowɔlawo ƒe ŋɔdzidoname nuwɔnawo ŋu, tsɔ he susu yi Mawu Fiaɖuƒea dzi be eya koe nye ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ vavãtɔ ɖeka kolia. Susu nyui siwo dze le eƒe nuŋɔŋlɔa me wɔ dɔ ɖe nufialaa dzi ŋutɔ, eye esia ʋu ɖaseɖiɖi ƒe mɔnukpɔkpɔ bubuwo nɛ.

3. Aleke nàte ŋu ato wò agbenyuinɔnɔ dzi aklẽ abe akaɖi ene le suku?

3 Mɔ bubu si dzi nàto aklẽ abe akaɖi ene enye to wò agbenyuinɔnɔ, awudodo kple dzadzraɖo si da sɔ dzi. (Kor. I, 4:9; Tim. I, 2:9) Ne sukuhatiwo kple nufialawo kpɔ be alesi nèwɔa nu ɖe amewo ŋui to vovo la, awɔ dɔ ɖe wo dometɔ aɖewo dzi be woasrɔ̃ nyateƒea le wò agbenyuinɔnɔ ta, eye wòaʋu mɔnukpɔkpɔ na wò be nàƒo nu tso Biblia me nyateƒea ŋu na wo. (Pet. I, 2:12; 3:1, 2) Mawumenɔnɔmewo ɖeɖe fia manɔ bɔbɔe ya o, gake Yehowa ayra wò geɖe ŋutɔ. (Pet. I, 3:16, 17; 4:14) Be nàhe amewo ƒe susu ɖe nyanyuia ŋu la, àte ŋu anɔ Biblia-srɔ̃gbalẽwo xlẽm le ɖiɖiɖemeɣiwo alo àte ŋu ada wo ɖe afisi amewo ƒe ŋku ate ŋu akli wo le bɔbɔe.

4. Viɖe siwo dona tsoa ɖaseɖiɖi le suku me dometɔ aɖewo ɖe?

4 Ne èklẽna abe akaɖi ene le suku la, ado ŋusẽ wò xɔse eye dzi adzɔ wò be yenye Yehowa subɔla. (Yer. 9:23) Esia anye takpɔnu hã na wò. Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ be, “Viɖe siwo dona tsoa nuƒoƒo tso nye dzixɔsewo ŋu me dometɔ ɖeka enye be, nye sukuhatiwo metenɛ kpɔna be yewoazi dzinye be mawɔ nusiwo tsi tre ɖe Biblia ƒe nufiafiawo ŋu o.”

5. (a) Aleke sɔhɛ aɖewo le woƒe subɔsubɔdɔa dzim ɖe edzii? (b) Taɖodzinu kawoe le asiwò le subɔsubɔdɔa me?

5 Subɔsubɔdɔa Dzidzi Ðe Edzi: Mɔ bubu si dzi sɔhɛ geɖe tona klẽna abe akaɖiwo enee nye woƒe subɔsubɔdɔa dzidzi ɖe edzi. Esi nɔviŋutsu aɖe wu sekɛndrisuku nu vɔ la, eʋu yi afisi Fiaɖuƒe gbeƒãɖela geɖe hiã le. Enɔ hame sue aɖe si me hamemegã ɖeka ko nɔ subɔsubɔm le la me. Eŋlɔ ɖo ɖe exɔlɔ̃ aɖe be: “Mele dzidzɔ manyagblɔ aɖe kpɔm le afisia. Subɔsubɔdɔa wɔwɔ le vivim ŋutɔ! Míete ŋu ɖoa dze abe miniti 20 ene le ʋɔtru ɖesiaɖe nu, elabena amewo di be yewoase nya geɖe tso mía gbɔ.” Eyi edzi be: “Medi vevie be sɔhɛ ɖesiaɖe nawɔ nusi wɔm mele bena woawo hã nakpɔ dzidzɔ si kpɔm mele. Naneke menyo wu mía ɖokui tsɔtsɔ na bliboe le Yehowa subɔsubɔ me o.”

6. Nukawoe dzɔa dzi na wò le sɔhɛ siwo le miaƒe hamea me ŋu?

6 Mi sɔhɛ siwo klẽna le xexeame abe akaɖiwo ene la, miawoe nye míaƒe kafukafu kple dzidzɔ! (Tes. I, 2:20) Esi mietsɔ dzi blibo, luʋɔ blibo, tamesusu blibo, kple ŋusẽ katã le Yehowa subɔm ta la, miaxɔ “teƒeɖoɖo alafa le ɣeyiɣi sia me . . . kple agbe mavɔ le xexe, si gbɔna la me.”—Mar. 10:29, 30; 12:30.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe