INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/07 axa 1
  • Srɔ̃ Yesu Le Subɔsubɔdɔa Wɔwɔ Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Srɔ̃ Yesu Le Subɔsubɔdɔa Wɔwɔ Me
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kristotɔwo ƒe Subɔsubɔdɔa—Míaƒe Dɔ Vevitɔe Wònye
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Nu Si Yesu Fia Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Yesu Dzi Eƒe Subɔsubɔdɔa Ðe Edzi Le Galilea
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • “Miheyi Ðawɔ Dukɔwo Katã Me Tɔwo Woanye Nusrɔ̃lawo”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
km 2/07 axa 1

Srɔ̃ Yesu Le Subɔsubɔdɔa Wɔwɔ Me

1 Yesu ɖo kpɔɖeŋu si dzi míazɔ ɖo le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me la na mí. Lɔlɔ̃ deto si le esi na Mawu kple amewo la dze zi geɖe le eƒe nuwɔna vovovoawo me. Efia nyateƒea ame fafawo, eye wòve ame siwo dzi nu te ɖo, eye wote wo ɖe anyi la nu hekpe ɖe wo ŋu.—Mat. 9:35.

2 Yesu Ƒe Kpɔɖeŋu Kple Nufiafiawo: Yesu mena be dunyahenyawo alo hadomekpekpeɖeŋunana amewo be woƒe nɔnɔmewo naka ɖe eme he eƒe susu ɖa tso gbeƒãɖeɖedɔa ŋu o. Eye mena nu nyui bubuwo yomenɔnɔ he eƒe susu, alo wɔe be wòwɔ alɔgblɔdɔ le eƒe dɔ vevitɔa ŋu o. (Luka 8:1) Eƒe susu katã nɔ gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia ŋu, elabena eya koe nye ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔkpɔnu ɖeka kolia si anɔ anyi ɖaa. Dɔ geɖe nɔ Yesu dzi wòawɔ, ke hã, ɣeyiɣi si wòatsɔ awɔe ya mesɔ gbɔ o. Esi Kapernaumtɔwo di be Yesu nanɔ yewo gbɔ la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: “Mina ne míayi du bubuwo me, bena magblɔ nya le afima hã; elabena esia ta medo go ɖo.”—Mar. 1:38.

3 Esi Yesu na hehe eƒe nusrɔ̃lawo vɔ la, eɖo wo ɖa be woaɖaɖe gbeƒã, hena mɔfiame tẽ sia wo be: “Miɖe gbeƒã gblɔ bena: ‘Dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ!’” (Mat. 10:7) Efia eyomedzelawo be woanyae be, Fiaɖuƒea ƒe nuwo yometitie wòle be wòanɔ vevie na wo wu le agbe me. (Mat. 6:33) Nya mamlɛ siwo Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo hafi dzo yi dziƒo la na nu si wòle be woawɔ la me kɔ na wo kɔte. Egblɔ na wo bena: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo.”—Mat. 28:19.

4 Fiaɖuƒea Ƒe Vevienyenye: Nu si koŋ ŋu Yesu ƒoa nu tsoe enye Mawu ƒe Fiaɖuƒea, eye ede dzi ƒo na eƒe nusrɔ̃lawo be woasrɔ̃ yeƒe kpɔɖeŋua. Amegbetɔwo mate ŋu akpɔ ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔ o. (Yer. 10:23) Mawu ƒe Fiaɖuƒea koe ava kɔ Mawu ƒe ŋkɔ ŋu, eye wòahe gbɔdzɔe mavɔ vɛ na ameƒomea. (Mat. 6:9, 10) Fiaɖuƒe ŋuti nyateƒea gbɔgblɔ na “amesiwo le hũ ɖem, eye wole nu xam ɖe ŋunyɔnu, siwo katã wole wɔwɔm” ta ŋu la kpena ɖe woamawo ŋu be woanɔ agbe si me dzidzɔ le, si me nu dzea edzi na wo le fifia, eye wotsɔa kakaɖedzi kpɔa mɔ vevie na etsɔ si gbɔna.—Xez. 9:4.

5 Yesu yi edzi le akpa vevi aɖe wɔm le gbeƒãɖeɖe tso Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia ŋu me, eye eka ɖe edzi na mí hã be, yeado alɔ mí. (Mat. 28:20) Ðe míaƒe subɔsubɔdɔa wɔ ɖeka kple kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi na mí pɛpɛpɛa? (Pet. I, 2:21) Le ŋkeke mamlɛa vevi siawo me la, mina míawɔ nu sia nu si míate ŋui, be míadze Yesu ƒe kpɔɖeŋu si wòɖo ɖi na mí la yome pɛpɛpɛ.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe