Míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo Zazã Nyuie
1, 2. Aleke ame geɖe sena le wo ɖokui me ku ɖe míaƒe agbalẽwo ŋu, eye nyabiabia kae esia fɔ ɖe te?
1 “Tso keke ƒe 1965 mee mete miaƒe agbalẽwo xexlẽ. Ne mele wo xlẽm la, metsɔa Biblia heʋua mawunyakpukpui siwo woyɔ, eye le nyateƒe me la, nya sia nya si miaƒe agbalẽwo gblɔ la sɔna ɖe Biblia ƒe nyagbɔgblɔwo nu pɛpɛpɛ. Enye nye didi tso gbaɖegbe ke be manya Mawu kple Yesu ŋuti nyateƒea ŋutɔŋutɔ, eye mate ŋu agblɔ le nyateƒe me be to miaƒe agbalẽwo kple Biblia dzi la, mele kekem ɖe ŋuɖoɖo vavãwo ŋu.” Nya siae ŋutsu aɖe ŋlɔ ɖo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã. Ebia le lɛta ma ke me be woana ame aɖe nava srɔ̃ Biblia kpli ye.
2 Abe ŋutsu ŋudzedzekpɔɖenuŋula ma ene la, ame miliɔn geɖewo le xexeame godoo siwo kpɔa ŋudzedze ɖe Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la tana ŋu ale gbegbe. (Mat. 24:45) Ƒe sia ƒe la, wotaa agbalẽ gbogbo aɖewo be woatsɔ ana kpekpeɖeŋu dzianukwaretɔwo bene “woava nyateƒe ƒe sidzedze la me.” (Tim. I, 2:4) Aleke wòle be míawɔ míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽ siawo ŋudɔ nyuie?
3. Aleke míate ŋu aƒo asa na agbalẽwo dome gbegblẽ?
3 Ƒo Asa na Nudomegbegblẽ: Ate ŋu adzɔ be míanɔ kɔ lim agbalẽwo ɖi ʋɛʋɛʋɛ wòava sɔ gbɔ wu esi míate ŋu azã ŋutɔŋutɔ. Nukae míate ŋu awɔ bena míaƒo asa na míaƒe agbalẽ vevi siawo dome gbegblẽ? Ehiã be míazã nuŋububu ne míele agbalẽwo xɔm atsɔ ayi gbeadzii. Le esi teƒe be míanɔ gbeadziyigbalẽ gãwo xɔm fũ la, anyo be míaxɔ ɖeka alo eve aɖewo ko atsɔ ayii eye ne wovɔ la, míagava xɔ bubu. Ewɔwɔ alea ana be míali kɔ agbalẽawo ɖe míaƒe aƒewo me o. Nenema ke ne magazine gbogbo aɖewo kpɔtɔ le mía si siwo míena haɖe o la, asɔ be míalé fɔ ɖe emawo nana ŋu hafi agaxɔ yeyewo.
4. Nukae woate ŋu awɔ ne agbalẽwo li kɔ ɖe hame aɖe me?
4 Agbalẽ Siwo Li Kɔ Ði ɖe Hamea Me: Ne agbalẽ aɖewo li kɔ ɖe hamea me la, agbalẽdɔɖoɖo dzikpɔlaa ate ŋu abia hame bubu siwo le nutoa me akpɔ ɖa be woate ŋu axɔ agbalẽ mawo ƒe ɖe azã hã. Gbeƒãɖelawo ate ŋu ana agbalẽ xoxowo ƒometɔ dzimaxɔsetɔwo, Biblia-nusrɔ̃viwo, kple ame bubuwo. Hamea me tɔ yeyewo adi be yewoaxɔ agbalẽ mawo ada ɖe yewoƒe agbalẽdzraɖoƒe.
5. Aleke míate ŋu aɖee afia be míekpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe agbalẽwo ŋu?
5 Míedi be taɖodzinu si ta wota míaƒe agbalẽwo ɖo nava eme, si nye be wòakpe ɖe dzianukwaretɔwo ŋu woasrɔ̃ nu tso Yehowa ƒe tameɖoɖo wɔnukuwo ŋu. Abe alesi ko Yesu megblẽ nuɖuɖu si wòna amehawo nukutɔe woɖu ƒe kpɔtɔea dome o ene la, míaƒe taɖodzinu enye be míawɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ xɔasi siwo wotana na mí la ŋudɔ le mɔ nyuitɔ kekeake nu. (Yoh. 6:11-13) Xɔxɔgbedasi siwo le míaƒe agbalẽwo me mate ŋu awɔ dɔ ɖe dzianukwaretɔwo ƒe dzi dzi ne wotsi míaƒe xɔwo alo akplowo me o. Eyata ele be míaɖe nuŋububu afia ne míele agbalẽwo xɔm atsɔ ayi gbeadzii, eye ele be míawɔ wo ŋudɔ nyuie bene wòaɖe vi na amewo.—Fil. 4:5.