Dɔ si Faa Akɔ na Ame
1 Biblia me gbedasia doa ŋusẽ amesiwo katã xɔnɛ hewɔa eŋudɔ le woƒe agbe me. (Ps. 19:8, 9) Ekpena ɖe wo ŋu wovona tsoa alakpanufiafiawo kple nuwɔna gbegblẽwo me eye wònaa etsɔme mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le la wo. Gake menye amesiwo xɔa nyanyuia ɖeɖekoe nye amesiwo wòɖea vi na o. Amesiwo gblɔa Biblia me nyateƒe fakɔnamea na ame bubuwo ŋutɔ hã kpɔa akɔfafa.—Lod. 11:25.
2 Subɔsubɔdɔa Doa Ŋusẽ Mí: Yesu gblɔ be amesiwo tsɔa Kristo ƒe nusrɔ̃lanyenye ƒe kɔkutia, si ƒe akpa aɖe enye gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa, ‘akpɔ dzudzɔ na woƒe luʋɔwo.’ (Mat. 11:29) Eya ŋutɔ kpɔe dze sii be ɖaseɖiɖi na amewo do ŋuse ye. Enɔ nɛ abe nuɖuɖu ene. (Yoh. 4:34) Esi wòɖo nusrɔ̃la 70-awo ɖa be woaɖaɖe gbeƒã la, wokpɔ dzidzɔ esi wokpɔ alesi Yehowa nɔ woƒe agbagbadzedzewo yramee.—Luka 10:17.
3 Nenema ke gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me doa ŋusẽ Kristotɔ geɖewo egbeae. Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ be: “Subɔsubɔdɔa faa akɔ nam elabena efiaa mɔm le agbe me henaa tameɖoɖo nɔa nye agbe ŋu. Meŋlɔa nye kuxiwo kple gbesiagbe dzimaɖitsitsiwo be ne mele subɔsubɔdɔa wɔm.” Subɔla veviedonula bubu gblɔ be: “Subɔsubɔdɔa . . . naa Yehowa nyea ame ŋutɔŋutɔ nam gbesiagbe, eye wòna mekpɔa ŋutifafa kple dzidzɔ le ememe si nyemate ŋu akpɔ to mɔ bubu aɖeke nu o.” Mɔnukpɔkpɔ ka gbegbee nye si wònye na mí be míanye “Mawu ƒe hadɔwɔlawo”!—Kor. I, 3:9.
4 Yesu ƒe Kɔkuti la Le Bɔbɔe: Togbɔ be woxlɔ̃ nu Kristotɔwo be ‘woaʋli vevie’ hã la, Yesu mebia nusi míate ŋu ana o tso mía si o. (Luka 13:24) Nyateƒee, ekpe mí lɔlɔ̃tɔe be ‘míanɔ yeƒe kɔkuti la te.’ (Mat. 11:29) Amesiwo le nɔnɔme sesẽwo me tom ate ŋu aka ɖe edzi be woƒe luʋɔ̃ blibo ƒe subɔsubɔ, ne ele sue hã, dzea Mawu ŋu vevie.—Mar. 14:6-8; Kol. 3:23.
5 Aleke wòfaa akɔ na amee nye si be míasubɔ Mawu si dea asixɔxɔ nusianu si míewɔna ɖe eƒe ŋkɔ la ta ŋu! (Heb. 6:10) Neva eme be míadze agbagba atsɔ míaƒe ŋutete katã asubɔe ɣeawokatãɣi.