Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
Nyatakaka geɖe li egbea ku ɖe alesi míawɔ be míaƒe dzi nanɔ nɔnɔme nyui me bena míaƒe agbenɔƒe nadidi ɖe edzi vie eye míase vivi na agbenɔnɔ ŋu. Ke hã nusi le vevie wue nye míaƒe kpɔɖeŋudzi ƒe nɔnɔme. Eyata aleke gbegbe ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ ƒe ɖoɖowɔɖi yeyea si adze egɔme tso ɣleti sia me ƒe tanya sɔe nye si, be: “Dzi Blibo Tsɔtsɔ Subɔ Yehowae.” (Kron. I, 28:9) Nukawoe míanɔ mɔ kpɔm na?
Nutome sue dzikpɔla adzro “Kpekpeɖeŋu Nana Amewo be Woatsɔ Luʋɔ Kpɔdzidzɔ Asubɔ Yehowae” me. Gbebiamewo aɖo kpe dzidzɔ si nɔa ɖetsɔleme tutuɖo ɖe amesiwo di be yewoasubɔ Yehowa kple Biblia sɔsrɔ̃ kpli wo me dzi. Ðikeke mele eme o be vavalawo katã akpɔ akɔfafa kple dzideƒoname tso nuƒola si woɖo ɖa ƒe nuƒo gbãtɔ me, si nye, “Míaƒe Dziwo Takpɔkpɔ le Xexe si me Kuxiwo Bɔ Ðo Me.” Woatsɔ nyɔnyrɔxɔxɔnuƒo awu ŋdi kpadzi ƒe wɔnaa nui.
Le ŋdɔ me la, akpa si nye “Alɔdodo Mía Nɔewo” adzro alesi míana kpekpeɖeŋu amewoe me. Nukae dzilawo ate ŋu awɔ atsɔ akpɔ wo viwo ƒe dzi ta tso ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo me ahakpe ɖe wo ŋu be woate ɖe Yehowa ŋu? Akpa si nye “Mikpe Ðe Mia Viwo Ŋu be Woakpɔ Dzidzɔ Ðe Yehowa Ŋu” ana aɖaŋuɖoɖo nyuiwo ahafia alesi woate ŋu awɔ esiae.
Ðe míele ɖoɖo siwo katã Yehowa wɔ na mí la ŋudɔ wɔm be míatsɔ akpɔ míaƒe kpɔɖeŋudzia ta be wòanɔ lãmesẽ me eye ŋusẽ nanɔ eŋua? Nuƒola si woɖo ɖa ƒe nuƒo mamlɛa si nye, “Dzi Blibo Nanɔ Asiwò le Yehowa Subɔsubɔ Me,” aƒo nu tso míaƒe gbɔgbɔmemenyenye me léle ɖe asi ƒe mɔnu vevi ene aɖewo ŋu. Ɣeyiɣi agbɔsɔsɔ kae míeɖo ɖi na gbedodoɖa kutrikukutɔe, Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃, gbeƒãɖeɖe veviedodotɔe, kpakple hadede kple Kristotɔ bubuwo? Ðe míate ŋu agawɔ geɖe le esiawo dometɔ aɖewo mea?
Yehowa le mía kpem be: “Trɔ wò dzi ɖe amehehe ŋu kple wò to ɖe sidzedze ƒe nyawo ŋu.” (Lod. 23:12) Wɔ ɖoɖo fifia be nànɔ ŋkeke ɖeka ƒe takpekpe si me woana Ŋɔŋlɔawo me mɔfiame si me viɖe le la me. Esia wɔwɔ ado ŋusẽ wò be nàyi edzi atsɔ dzi blibo kple luʋɔ kpɔdzidzɔ asubɔ Yehowae.