INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/05 axa 4
  • Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ Ƒe Numetoto
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Mègato Ŋku Gã O
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
km 12/05 axa 4

Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye

Ŋutinu wɔnuku aɖee ŋku nye. (Ps. 139:14) Ke hã, nu ɖeka ŋu koe wòte ŋu nɔna tẽ le ɣeyiɣi ɖeka me. Nya sia nye nyateƒe le nukpɔkpɔ ŋutɔŋutɔ kple nukpɔkpɔ le kpɔɖeŋu nyagbɔgblɔ nu siaa me. Be míaƒe gbɔgbɔmeŋku dzi nadza eye wòanɔ nu ɖeka ŋu la, ele be míatsɔ míaƒe susu katã aɖo Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu. Esi wònye be Satana ƒe xexea ƒe susuhenuwo le agbɔ sɔm ɖe edzi ta la, aleke gbegbe wòsɔe nye si be ƒe 2006 subɔsubɔƒea ƒe ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ ƒe ɖoɖowɔɖia adzro tanya si nye “Na Wò Ŋku Dzi Nadza” me!—Mat. 6:22.

Nukae míate ŋu awɔ bene míaxɔ yayrawo tso Yehowa gbɔ? (Lod. 10:22) Woaɖo nyabiase sia ŋu le takpekpea ƒe nuƒo si nye “Àkpɔ Yayrawo Ne Èna Wò Ŋku Dzi Dza” me. Gbebiamewo ate gbe ɖe alesi wòaɖe vi na mí ne míetsɔ Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo wɔ dɔe dzi. Nuƒo gbãtɔ si nuƒola si woɖo ɖa aƒoe nye, “Na Wò Ŋku Dzi Nadza le Xexe Vɔ̃ɖi sia Me,” eye axlɔ̃ nu mí tso nusiwo ate ŋu ana agbenɔnɔ nasesẽ na mí eye vivivi woate ŋu ava vu atsyɔ míaƒe mawusubɔsubɔ dzi keŋkeŋ la ŋuti. Míasrɔ̃ nu tso nusi wòfia be míatia “nyuia gome” hã ŋu.—Luka 10:42.

Nukae dzilawo kple ame bubuwo ate ŋu awɔ atsɔ ade dzi ƒo na sɔhɛ Kristotɔwo be woati gbɔgbɔmetaɖodzinuwo yome? Míase dzilawo kple sɔhɛwo ƒe numenya siwo woatsɔ aɖo biabia sia ŋu, le nuƒo siwo nye “Dzila Siwo Daa Woƒe Aŋutrɔwo Nyuie” kple “Sɔhɛ Siwo Ðoa Gbɔgbɔmetaɖodzinuwo Gbɔ” me. (Ps. 127:4) Nuƒo mamlɛtɔ si nuƒola si woɖo ɖa aƒo la adzro alesi míate ŋu azɔ le akasa nu kple Yehowa ƒe habɔbɔa abe ame ɖekaɖekawo, ƒomewo, kple hamewo, ene la me.

Eɖanye nyitsɔ laa koe nèva nya nyateƒea, alo èle Yehowa subɔm ƒe gbogbo aɖee nye esia o, ele vevie ŋutɔ be míana ‘míaƒe ŋku dzi nadza.’ Ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ ƒe ɖoɖowɔɖia akpe ɖe mía ŋu míawɔ esia.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe