INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 10/03 axa 8
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
km 10/03 axa 8

Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu

Gbetakpɔxɔ Oct. 1

“Èbia kpɔ be, ‘Ne Mawu nye lɔlɔ̃ eye wònye ŋusẽkatãtɔ ɖe, nukatae mexɔ na amesiwo le fu kpem oa?’ [Na wòaɖo eŋu.] Esusɔ vie ko wòava ɖe kuxiwo katã ɖa. [Xlẽ Yesaya 65:17.] Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, magazine sia ana nàkpɔe be menye ɖe Mawu zi kpi ɖekematsɔlemetɔe esi míele fu kpem o.”

Nyɔ! Oct. 8

“Ènya be ele sesẽm ŋutɔ na agbledela geɖe be woayi woƒe agbledɔ dzi akpɔ woƒe nuhiahiãwo atso emea? [Na wòaɖo eŋu.] Nyɔ! ƒe tata sia dzro kuxi sia me eye wòƒo nu tso ɣeyiɣi nyui aɖe si gbɔna si ƒe ŋugbe Biblia do ŋu. [Xlẽ Psalmo 72:16.] Ne metrɔ va la, madi be maɖe alesi Mawu ana ŋugbedodo sia nava emee la me na wò.”

Gbetakpɔxɔ Oct. 15

“Nyametsotso geɖe siwo míewɔna te ŋu kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe míaƒe agbe dzi. Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na nyametsotso manyomanyowo wɔwɔ? [Na wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Lododowo 3:6.] Gbetakpɔxɔ ƒe tata sia ƒo nu tso mɔfiame atɔ̃ siwo wotu ɖe Biblia dzi siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le nyametsotso nyuiwo wɔwɔ me ŋu.”

Nyɔ! Nov. 8

“Ède dzesii be fifia míesenɛ enuenu be amewo ƒoa nu tso dɔlékuiwo ŋu be womegale atike sem oa? [Na wòaɖo eŋu.] Magazine sia dzro nusiwo ta wòle alea me eye wòɖo nusiwo míate ŋu awɔ atsɔ akpɔ mía ɖokui tae ƒe aɖaŋu. Eƒo nu tso Biblia ƒe ŋugbe si wòdo ku ɖe xexe si me ame aɖeke magalé dɔ o hã ŋu.” Xlẽ Yesaya 33:24.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe