Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ Oct. 1
Xlẽ nyabiase si le akpaa dzi, eye nàbia aƒemenɔlaa be: “Ènya dzesi si wowɔnɛ le afisia? [Na wòaɖo eŋu, eye nàxlẽ Mateo 24:3.] Gbetakpɔxɔ sia ƒo nu tso dzesi sia ƒe akpa vevi atɔ̃ ŋu eye wòɖe nusita wòhiã be míanya nu tso wo ŋu me.” Tsɔ aɖaka si le axa 6 lia fiae.
Nyɔ! Oct. 8
“Ahatsunono hea kuxi gbogbo aɖewo vɛ. Magazine sia gblɔ alesi ahamuame gblẽa nu le ame ŋui. [Tsɔ foto si le axa 7 lia fiae.] Nyati siawo dzro alesi woawɔ adzudzɔ ahatsunono kple kpekpeɖeŋu si ame bubuwo ate ŋu ana la me.”
Gbetakpɔxɔ Oct. 15
“Ame geɖe bua agbalẽnyanya be eya dzie ame ato akpɔ dzidzedze le agbe me. Èsusu be hehexɔxɔ aɖe li si ate ŋu akpe ɖe ame ŋu wòazu ame ɖɔʋu si ate ŋu akpe akɔ kple agbemekuxiwoa? [Na wòaɖo eŋu, eye nàxlẽ Romatɔwo 12:2.] Magazine sia ƒo nu tso alesi míate ŋu akpɔ viɖe tso hehexɔxɔ nyuitɔ kekeake si li mee ŋu.”
Nyɔ! Oct. 22
“Ame geɖe lɔ̃a nyadzɔdzɔgbalẽ xexlẽ gbesiagbe kloe. Èsusu be míate ŋu aka ɖe nya siwo nyadzɔdzɔgbalẽwo gblɔna dzia? [Na wòaɖo eŋu.] Nyɔ! sia ɖo aɖaŋu aɖewo siwo akpe ɖe mía ŋu be nyadzɔdzɔgbalẽwo xexlẽ naɖe vi na mí. Egblɔ nusita wòhiã be míaɖɔ ŋu ɖo hã.” Xlẽ Lododowo 14:15.