Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ Oct. 1
“Ðe nègblɔ na ɖokuiwo kpɔ be, ‘ne ɖe menya la, anye ne nyemewɔ nu sia alea o!’? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] De dzesi nya si mawunyakpukpui sia gblɔ tso nu si ta ɣeaɖewoɣi la, mí katã míewɔa tiatia aɖewo siwo va vea mí emegbe la ŋu. [Xlẽ Yeremya 10:23.] Magazine sia ɖe ale si aɖaŋuɖoɖo nyui siwo le Biblia me akpe ɖe mía ŋu be míawɔ tiatia nyuiwo la me.”
Awake! Oct.
“Ðe nèsusui be ɖeviwo ɖo afɔku me agbea wu ale si wònɔ tsãa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Ame geɖewo susui be míele ɣeyiɣi siwo ŋu nya wogblɔ le afi sia la me. [Xlẽ Timoteo II, 3:1-5.] Magazine sia ɖo aɖaŋu nyuiwo ku ɖe ale si dzilawo ate ŋu awɔ akpɔ wo viwo ta tso ɖevigbɔdɔlawo si mee ŋu.”
Gbetakpɔxɔ Oct. 15
“Ame geɖe susunɛ be kakaɖedzi aɖeke mele etsɔme ŋu o, eya ta anyo wu be míanɔ agbe na egbea ko. Nu kae nye wò susu? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Yesu gblɔ nya dodzidzɔname sia. [Xlẽ Mateo 6:34.] Magazine sia ɖe ale si míate ŋu awɔ ɖoɖo ɖe etsɔme ŋu, evɔ le ɣeyiɣi ma ke me la míagatsi dzimaɖeɖi akpa ɖe eŋu o la me.”
Awake! Oct.
“Ame vevi aɖewo ku na mí katã kpɔ. Èsusu be wole dziƒo le mía kpɔma? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Se nya si Yesu gblɔ esi Lazaro ku la ɖa. [Xlẽ Yohanes 11:11.] Magazine sia ɖe eme nenye be ame kukuwo le agbe le afi aɖe alo be wole alɔ̃ dom hele tsitretsitsi lalam.” Tsɔ nyati si dze egɔme tso axa 28 lia fiae.