Kafukafunyawo Doa Ŋusẽ Mí
1 Nyɔnuvi suea nɔ avi fam le eƒe aba dzi, nɔ biabiam be, “Ðe nyemewɔ ɖevi nyui egbea oa?” Ðevia ƒe nya sia na dadaa wɔ yaa. Togbɔ be dadaa kpɔe be vianyɔnuvi suea dze agbagba vevie be yeawɔ ɖevi nyui gbemagbe hã la, megblɔ nya aɖeke tsɔ kafui o. Ele be avi si ɖevi sue ma fa nana mí katã—ɖeviwo kple tsitsiawo siaa—míaɖo ŋkui be míehiã kafukafunyawo. Ðe míenaa amewo ƒe dzi dzea eme to ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖe fia ɖe woƒe nu nyui wɔwɔwo ŋu mea?—Lod. 25:11.
2 Susu nyui geɖewo li siwo ta wòle be míakafu mía hati Kristotɔwo ɖo. Hamemegãwo, subɔsubɔdɔwɔlawo, kple mɔɖelawo wɔa dɔ kutrikukutɔe be woatsɔ woƒe agbanɔamedziwo. (Tim. I, 4:10; 5:17) Dzila mawuvɔ̃lawo wɔa wotɔ sinua be woahe wo viwo le Yehowa ƒe mɔwo dzi. (Ef. 6:4) Sɔhɛ Kristotɔwo ʋlina vevie be yewoaƒo asa na ‘xexeame ƒe gbɔgbɔ.’ (Kor. I, 2:12; Ef. 2:1-3) Ame aɖewo hã yi edzi le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe togbɔ be wotsi, eye wole lãmesẽ kuxiwo alo tetekpɔ bubuwo me tom hã. (Kor. II, 12:7) Amesiawo katã dze na kafukafu. Ðe míedea dzesi agbagba siwo dzem wole hekafua woa?
3 Kafu Amea Tẽ ɖe Nane Koŋ Ta: Enye nyateƒe be edzɔa dzi na mí katã ne míese nuƒola aɖe kafu hamea. Gake kafukafunyawo gadoa ŋusẽ ame wu ne wogblɔe na amea ŋutɔ tẽ. Le kpɔɖeŋu me, le lɛta si Paulo ŋlɔ na Romatɔwo, ƒe ta 16 lia me la, egblɔ kafukafunyawo ɖo ɖe amewo tẽ, abe Foibe, Priskila kple Akwila, Trifena kple Trifosa, Persis, kple bubuawo ene. (Rom. 16:1-4, 12) Aleke gbegbe eƒe nyawo do ŋusẽ nɔvi wɔnuteƒe mawoe nye si! Kafukafunya mawo tɔgbe naa kakaɖedzi mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo be wole vevie na mí eye wònaa ɖekawɔwɔ kplikplikpli nɔa mía dome. Ðe nèkafu ame aɖe ɖe nane si wòwɔ nyuie ta nyitsɔ laa sia?—Ef. 4:29.
4 Na Wòatso Dzime na Wò: Be kafukafunyawo nado ŋusẽ ame ŋutɔŋutɔ la, ele be woawɔe le anukware me tso dzime ke. Amewo ate ŋu anya ne dzimee míaƒe nyawo tso loo alo ‘amiɖeɖeɖenya’ koe. (Lod. 28:23) Ne míena hehe mía ɖokui be míana míaƒe ŋku nanɔ amewo ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu la, aʋã míaƒe dzi be míagblɔ nya siwo akafu wo. Neva eme be míatso dzime faa ɣesiaɣi akafu amewo anukwaretɔe, elabena míenyae be ‘nya si wogblɔ ɖe egblɔɣi la, aleke gbegbe wòhevivinae nye si!’—Lod. 15:23.