INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 7/12 axa 26-27
  • Nu Ka Ta Nàkafu Amewo?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Ka Ta Nàkafu Amewo?
  • Nyɔ!—2012
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Wò Ŋku Nenɔ Amewo Ƒe Nɔnɔme Nyuiwo Ŋu
  • Kpɔ Ŋudzedze Ðe Amewo Ƒe Nuwɔna Nyuiwo Ŋu
  • Ŋusẽ Le Amewo Kafukafu Ŋu Ŋutɔ
  • ‘Nya Si Wogblɔ Ðe Egblɔɣi La Vivina Ŋutɔ!’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Kpɔ Amekafukafu Ƒe Vevienyenye Dze Sii
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Tsɔ Ðe Le Eme na Amewo—To Wo Kafukafu Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Kafukafunyawo Doa Ŋusẽ Mí
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2012
g 7/12 axa 26-27

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Nu Ka Ta Nàkafu Amewo?

AME geɖewo sena le wo ɖokuiwo me be amewo mekpɔa ŋudzedze ɖe yewoƒe agbagbadzedzewo ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, zi geɖe la, dɔwɔlawo sena le wo ɖokuiwo me be yewoƒe dɔtɔwo mekpɔa ŋudzedze ɖe yewo ŋu o. Srɔ̃tɔ geɖe xɔe se be yewo srɔ̃wo medea asixɔxɔ yewo ŋu o. Eye ɖevi aɖewo susunɛ be yewomate ŋu awɔ nu wòadze yewo dzilawo ŋu gbeɖe o. Le nyateƒe me la, míate ŋu ana seselelãme mawo dzi naɖe akpɔtɔ nenye be mí katã míedzea agbagba kafua mía nɔewo edziedzi.

Amekafukafu tso dzi me megabɔ le egbexexea me o. Esia mewɔ nuku kura o, elabena Biblia gblɔe ɖi be: “Le ŋkeke mamlɛawo me la, ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ la ava. Elabena amewo anye ɖokuilɔ̃lawo, . . . ame madakpewo, ame mawɔnuteƒewo.”—2 Timoteo 3:1, 2.

Ðe wokafu wò vevie le ŋkeke siawo mea? Ekema ènya ale si wòdoa dzidzɔ na ame henana agbe ɖoa ame mee. Biblia gblɔ be: “Aleke nya, si wogblɔ ɖe egblɔɣi la, mehevivinae oa?” (Lododowo 15:23) Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ nu ɖe mía nɔewo ŋu tufafatɔe.

Wò Ŋku Nenɔ Amewo Ƒe Nɔnɔme Nyuiwo Ŋu

Esi Mawu tsɔ ɖe le eme na mí vevie ta la, edea dzesi míaƒe nɔnɔme kple nuwɔna nyuiwo hekpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu. Biblia ka ɖe edzi na mí be: “Yehowa ƒe ŋku kpɔa anyigba blibo la dzi, eye wòdoa ŋusẽ ame siwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo.” (2 Kronika 16:9) Ne míewɔa Mawu ƒe sewo dzi tsɔ ɖea lɔlɔ̃ si le mía si nɛ fiana la, akpɔe adze sii godoo.

Yehowa Mawu ƒe ŋku menɔa míaƒe vodadawo ŋu o. Ne ɖe eƒe ŋku nɔa wo ŋu la, anye ne mía dometɔ aɖeke mate ŋu anɔ te o. (Psalmo 130:3) Ke boŋ Yehowa le abe tomenukula aɖe si srãna kpe gbogbo aɖewo be yeake ɖe kpe xɔasiwo ŋu ene. Ne eke ɖe kpe xɔasi aɖe ŋu la, dzi dzɔnɛ ŋutɔ. Kpe sia si ŋu womekpɔ wɔ dɔ le o la madze nu xɔasi aɖeke o, gake tomenukulaa ya nya asixɔxɔ si ava nɔ eŋu. Nenema kee ne Mawu dzro míaƒe dziwo me la, nɔnɔme nyuiwoe wòdina, menye míaƒe vodadawo o. Ne eke ɖe wo ŋu la, dzi dzɔnɛ. Enya be ne wowɔ dɔ le nɔnɔme nyui mawo ŋu hetrɔ asi le wo ŋu la, nu nyuiwo ate ŋu ado tso eme, nu nyui mae nye be amewo ava zu tadeagula wɔnuteƒe siwo subɔa Yehowa kple dzi blibo.

Míate ŋu asrɔ̃ nu tso Mawu ƒe kpɔɖeŋua me. Ele bɔbɔe be míaƒe ŋku nanɔ amewo ƒe vodadawo ŋu ne míelé ŋku ɖe wo ŋu. Gake ne míekpɔa amewo abe ale si Yehowa kpɔa woe ene la, míaƒe ŋkuwo anɔ nɔnɔme nyui siwo le wo si la ŋu. (Psalmo 103:8-11, 17, 18) Ne míeke ɖe woƒe nɔnɔme nyuiawo ŋu la, míate ŋu akafu wo. Nu kae ado tso eme? Míaƒe nyawo afa akɔ na wo godoo, eye woadze agbagba vevie wu gɔ̃ hã be yewoawɔ nu si le eteƒe! Eye míawo ŋutɔwo hã míakpɔ dzidzɔ si dona tso nunana amewo me.—Dɔwɔwɔwo 20:35.

Kpɔ Ŋudzedze Ðe Amewo Ƒe Nuwɔna Nyuiwo Ŋu

Yesu dea dzesi amewo ƒe nɔnɔme nyuiwo hekpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu. Gbe ɖeka esi nyɔnu dɔnɔ aɖe, si nɔ vɔvɔ̃m la wɔ dzaa ka asi Yesu ƒe awudziwui ŋu bene yeahaya la, Yesu kafui be: “Vinyenyɔnu, wò xɔse na nèhaya.”—Marko 5:34.

Ɣebubuɣi esi Yesu nɔ nu fiam le Yerusalem gbedoxɔa me la, ekpɔ kesinɔtɔ gbogbo aɖewo nɔ nu dzɔm de nudzɔɖakawo me. Eye wòkpɔ ahosi dahe aɖe hã “wòtsɔ gaku sue eve, siwo ƒe home le sue ŋutɔ la” de eme. Ame bubuwo dzɔ ga geɖe wu ahosia. Ke hã Yesu kafu nyɔnua le eƒe veviedodonu ta amewo katã se, esi wògblɔ be: “Vavã mele egblɔm na mi be: Togbɔ be ahosi sia da ahe hã la, nu si wòtsɔ de eme la sɔ gbɔ wu esi wo katã wotsɔ de eme. Elabena nunana siwo ame siawo katã tsɔ de eme la nye nu gbogbo siwo le wo si la ƒe ɖe ko, gake ahosia ya tso eƒe ahedada me tsɔ nu siwo katã le esi, si nu wòanɔ agbe ɖo la, da ɖe eme.”—Luka 21:1-4.

Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua? Biblia gblɔ be: “Mègate nu nyui hiãtɔ, nenye be ŋutete le ŋuwò na ewɔwɔ o.”—Lododowo 3:27.

Ŋusẽ Le Amewo Kafukafu Ŋu Ŋutɔ

Le egbexexe madakpe sia me la, mí katã míedina be woakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu ahalɔ̃ mí. Ne míekafua amewo tso dzi me la, edoa ŋusẽ wo henana be dzi ɖoa wo ƒo. Ne míekafua amewo tso dzi me la, eʋãa wo woyia edzi wɔa woƒe ŋutete katã.—Lododowo 31:28, 29.

Biblia xlɔ̃ nu Kristotɔwo katã be: “Mina míanɔ mía nɔewo ŋu bum, bene míado ŋusẽ mía nɔewo hena lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ.” (Hebritɔwo 10:24) Xexea me anyo sãsãsã wu nenye be ame sia ame tsɔa ɖe le eme na nɔvia, tsɔa ŋku ɖoa nɔnɔme nyui siwo le esi la ŋu, eye wòkpɔa ŋudzedze ɖe eƒe nuwɔna nyuiwo ŋu. Vavãe, ŋusẽ le amewo kafukafu ŋu ŋutɔ!—g12-E 04.

ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?

● Nu ka tae wòle be míakafu amewo ɖe woƒe nuwɔna nyuiwo ta?—Lododowo 15:23.

● Ne Yehowa le mía me dzrom la, nu kae wòdina?—2 Kronika 16:9.

● Ɣekaɣie wòle be míakafu amewo?—Lododowo 3:27.

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Ðe nèdea dzesi amewo ƒe nuwɔna nyuiwo hekafua wo ɖe wo taa?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe