INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 6/06 axa 1
  • Tsɔ Ðe Le Eme na Amewo—To Wo Kafukafu Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tsɔ Ðe Le Eme na Amewo—To Wo Kafukafu Me
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpɔ Amekafukafu Ƒe Vevienyenye Dze Sii
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • ‘Nya Si Wogblɔ Ðe Egblɔɣi La Vivina Ŋutɔ!’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Kafukafunyawo Doa Ŋusẽ Mí
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Nu Ka Ta Nàkafu Amewo?
    Nyɔ!—2012
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
km 6/06 axa 1

Tsɔ Ðe Le Eme na Amewo—To Wo Kafukafu Me

1 Ne èkafua amewo tso dzime la, edea dzi ƒo na wo, eʋãa wo be woatsɔ nya si wose ade dɔwɔna me, eye enana wokpɔa dzidzɔ. Gbeƒãɖela geɖe kpɔe be zi geɖe la, kafukafunya ʋɛ aɖewo gbɔgblɔ tso dzime ɖeɖe dzaa te ŋu wɔnɛ be amewo lɔ̃na ɖoa to nyanyuia. Aleke míate ŋu akafu amewo ne míele agbagba dzem be míagblɔ nyanyuia na wo?

2 Lé Ŋku Ðe Nu Ŋu: Esi Yesu Kristo trɔ yi dziƒo hele eƒe ŋutikɔkɔe me la, elé ŋku ɖe hame adre siwo nɔ Asia Sue la ƒe dɔ nyui wɔwɔwo ŋu eye wòkafu wo. (Nyaɖ. 2:2, 3, 13, 19; 3:8) Nenema kee ne míetsɔ ɖe le eme na amesiwo míedoa goe le gbeadzi vavã la, aʋã mí be míadi mɔ siwo dzi míato akafu wo. Le kpɔɖeŋu me, ne míekpɔ be wodzra aƒe aɖe me ɖo nyuie, ne dzila aɖe le nu wɔm ɖe viawo ŋu lɔlɔ̃tɔe, alo ne aƒemenɔla aɖe lɔ̃ gbe na mí xɔlɔ̃wɔwɔtɔe la, esiawo katã naa mɔnukpɔkpɔ mí be míakafu amewo. Ðe nènɔa ŋudzɔ, léa ŋku ɖe nu ŋu, hewɔa mɔnukpɔkpɔ mawo ŋudɔa?

3 Ðo To Nyuie: Ne èle ɖase ɖim na amewo la, de dzi ƒo na wo be woaƒo nu faa to nya siwo sɔ biabia wo me. De bubu wo ŋu to alesi nàlé to ɖe woƒe nyawo ŋu nyuie me. (Rom. 12:10) Anɔ eme godoo be àde dzesi nya aɖe le woƒe nyawo me si ta nàkafu wo ɖo, eye nɔ te ɖe nya ma dzi nàyi dzeɖoɖoa dzi.

4 Ðe Nugɔmesese Fia: Ne aƒemenɔla aɖe gblɔ nya aɖe si mewɔ ɖeka kple Biblia me nyateƒea o la, nukae míawɔ? Le esi teƒe be nàdi be yeaɖɔ nya si wògblɔ ɖo la, kafui ɖe eƒe agbagbadzedzea ta boŋ, eye nàyi edzi kple nyagbɔgblɔ sia tɔgbe be, “Mekpɔe be nya sia le vevie na wò ŋutɔ.” (Kol. 4:6) Ne ame aɖe le nya hem kura gɔ̃ hã la, míate ŋu anɔ ekafum enuenu le esi wòtsɔ ɖe le nyaa me vevie ta. Nuwɔwɔ tufafatɔe alea ate ŋu ana ame aɖe si dze abe ɖe wòtsia tre ɖe nyanyuia ŋu vevie ene la naɖo to mí.—Lod. 25:15.

5 Bene míaƒe kafukafunyawo nade dzi ƒo la, ele be woatso dzime. Nya tuameɖo siawo gbɔgblɔ dea bubu Yehowa ŋu eye ate ŋu ana amewo naɖo to Fiaɖuƒegbedasia.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe