Ðoɖo Siwo Wowɔ be Woakpe Ðe Mía Ŋu Míatsri Ʋu
Mahiã be gbeƒãɖela xɔnyɔnyrɔ siwo kpe “Advance Medical Directive/Release” alo “Identity Card” gbalẽvi siwo dzi womeŋlɔ ƒe si wotae ɖo o alo esiwo dzi woŋlɔ ƒe si nye 3/99 ɖo la nagakpe yeye ɖo le ƒe sia me o. Ele be agbalẽviawo ƒe agbɔsɔsɔ si sɔ nanɔ agbalẽŋlɔla si be gbeƒãɖela xɔnyɔnyrɔ yeyewo, wo viwo, kple amesiwo wòhiã be woakpe yeye ɖo la naxɔ wo le December 29 ƒe kwasiɖaa ƒe Subɔsubɔ Kpekpea me. Womaɖo agbalẽvi siawo ɖe hamewo o. Ne agbalẽvi siawo mesɔ gbɔ ɖe hamea si o la, ke agbalẽŋlɔla nakpɔe ɖa be wosɔ gbɔ le hame siwo te ɖe mia ŋu si be miakpɔ ɖe axɔ hã alo wòadɔe le nudɔdɔ si hamea agawɔ me.
Woakpe agbalẽviawo ɖo nyuie le aƒeme, gake WOMADE ASI ETE O. Le Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ si akplɔe ɖo me la, agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔla nana kpekpeɖeŋu si hiã be woade asi wo te, ɖasefowo nanɔ eŋu, eye woaŋlɔ ɣletiŋkeke ɖe wo dzi. Ele be amesiwo ade asi agbalẽviawo te abe ɖasefowo ene la nakpɔ eteƒe esime amesi tɔ wònye la ŋutɔ le asi dem ete.
Mahiã be gbeƒãɖelawo nagakpe “health-care durable power of attorney” (DPA) gbalẽvi yeye ɖo o negbe (1) ɣletiŋkeke si le esi le asiwò dzi la do ŋgɔ na 1/2001, (2) emenyawo megasɔ ɖe didi si le asiwò fifia nu o, alo (3) èʋu yi dukɔ bubu me. Ele be DPA kple “Advance Directive Guide” la ƒe agbɔsɔsɔ si sɔ nanɔ agbalẽŋlɔlaa si.
Gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo ate ŋu aŋlɔ woawo ŋutɔ ƒe mɔfiamenyawo na woa kple wo viwo, eye woate ŋu akpɔ “Advance Medical Directive/Release,” “Identity Card,” kple DPA gbalẽviawo dzi atrɔ asi le emenyawo ŋu wòasɔ ɖe woƒe didiwo nu.