Èle Ewɔwɔ Hem Ðe Megbea?
Nu ka wɔwɔ hem ɖe megbe? Eyae nye DPA (durable power of attorney) [ameteƒenɔla ƒe ŋusẽ si nɔa anyi ɖaa] gbalẽvia si wowɔ na Ðasefo xɔnyɔnyrɔwo la kpekpe ɖo. Esi wònye be ‘mènya nu si wò agbe ava zu etsɔ o’ ta la, ele vevie ŋutɔ be nàtso nya me do ŋgɔ ku ɖe dɔdamɔnu siwo nàdi be woazã na ye ne nane dzɔ ɖe ye dzi kpata ŋu, eye nàŋlɔe da ɖi. (Yak. 4:14; Dɔw. 15:28, 29) Ema koŋ tae wowɔ video si nye Transfusion-Alternative Health Care—Meeting Patient Needs and Rights la ɖo. Mikpɔ video sia, eye anyo be miado gbe ɖa ahatsɔ nyabiase siwo gbɔna la adzro nu siwo miesrɔ̃ tso eme la me.—Mide dzesii: Esi wònye be woɖe amekokowɔna aɖewo fia le video sia me ta la, ele be dzilawo naɖɔ ŋu ɖo ne wole video sia kpɔm kple wo vi suewo.
(1) Nu ka tae atikewɔla aɖewo gbugbɔ le ŋku lém ɖe ʋudodo na ame ŋu? (2) Gblɔ kpɔɖeŋu etɔ̃ siwo me wote ŋu wɔ dɔ sesẽ na amewo le ʋumadomadoe. (3) Atikewɔla kple amekola nenie le xexea me godoo, siwo lɔ̃ faa be yewoawɔ dɔ na dɔnɔwo ʋumazãmazãe? Nu ka tae wole lɔlɔ̃m faa be yewoawɔ esia? (4) Nu kae numekuku siwo wowɔ le kɔwo dzi nyitsɔ laa ɖe fia ku ɖe ʋuzazã ŋu? (5) Afɔku kawoe le ʋudodo me? (6) Aleke ɖɔkta bibi geɖewo ƒo nya tae ku ɖe viɖe siwo le atike bubuwo zazã ɖe ʋu teƒe me la ŋui? (7) Nu kawo gbɔe wòtsona be ʋu mesɔa gbɔ ɖe lã me na ame o? Ðe ametia ate ŋu anɔ te ɖe ʋu ƒe agbɔmasɔmasɔ ɖe lã me na ame nua? Nu kawoe woate ŋu awɔ ne ʋu vɔ le lã me na ame? (8) Nu kawoe woate ŋu awɔ ana dɔnɔa ŋutɔ ƒe ʋumenugbagbevi dzĩwo nadzi ɖe edzi kaba? (9) Mɔnu kawo zãm wole le amekoko me be woatsɔ aɖe ʋu si ado le ame ŋu ƒe agbɔsɔsɔ dzi akpɔtɔ? (10) Ðe atike bubu siwo wozãna ɖe ʋu teƒe la wɔa dɔ na ɖevi suewo kple ame siwo ƒe agbe ɖo afɔku me le nɔnɔme kpata aɖe me hã? (11) Nu kae nye atikewɔwɔ me dzidzenu vevi aɖe si dzi wòle be woawɔ ɖo le dɔnɔwo gbɔ kpɔkpɔ nyuie me? (12) Nu ka tae wòle vevie be Kristotɔwo nawɔ atikewɔwɔ na wo ʋumazãmazãe ŋuti nyametsotsowo do ŋgɔ? Aleke míate ŋu awɔ esiae?
Be ame nalɔ̃ ɖe dɔdamɔnu siwo dze le video sia me dometɔ aɖe dzi alo malɔ̃ ɖe edzi o la nye nyametsotso si wòanɔ te ɖe ye ŋutɔ ƒe dzitsinya si wòtsɔ Biblia na hehee dzi awɔ. Ðe nètia atike bubu siwo dzi nàlɔ̃ ɖo be woazã na mia kple viwòwo ɖe ʋu teƒe la xoxo, eye nèkpe DPA gbalẽvia ɖoa? Kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” siwo dze le Gbetakpɔxɔ siwo nye June 15, 2004, kple October 15, 2000 me hena numeɖeɖe bubuwo. Kpɔ Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, November 2006 tɔ, ƒe emedegbalẽvi ƒe tanya si nye “Nyametsotso Kae Mawɔ Le Ʋumenu Suesuewo Alo Nye Ŋutɔ Nye Ʋu Zazã Le Atikewɔwɔ Me Ŋu?” hã. Kpɔ egbɔ be nàŋlɔ tiatia siwo nèwɔ la ɖe wò DPA gbalẽvia dzi nyuie. Ele be nàna ame siwo anɔ tewòƒe kple ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o hã nanya wò nyametsotsowo nyuie.
[Aɖaka si le axa 3]
• Ðe nètia atike bubu siwo dzi nàlɔ̃ ɖo be woazã na mia kple viwòwo ɖe ʋu teƒe la xoxoa?
• Ðe wò DPA gbalẽvia nɔa ŋuwò ɣesiaɣi le afɔku siwo ate ŋu adzɔ kpata taa?