Mikpe Ðe Amesiwo ƒe “Nɔnɔme Sɔ” Ŋu
1. Amekawo nu ƒom ƒu Yehowa le ɖe eɖokui ŋu le míaƒe ŋkekea me?
1 Nɔnɔme aɖe le amesiame si si ƒoa ke ɖe eƒe kpɔɖeŋudzia me. (Mat. 12:35) Biblia ƒo nu tso amesi “aʋawɔwɔ le eƒe dzi me” ŋu. (Ps. 55:22) Ame aɖewo nye ‘dɔmedzoetɔwo.’ (Lod. 29:22) Gake ame aɖewo hã li siwo ƒe “nɔnɔme sɔ na agbe mavɔ kpɔkpɔ.” (Dɔw. 13:48, NW) Le míaƒe ŋkekea me la, Yehowa le ame mawo siwo ƒe dzi ƒe nɔnɔme sɔ la nu ƒom ƒu ɖe eɖokui ŋu. (Xag. 2:7) Aleke míate ŋu akpe ɖe wo ŋui be woava zu Yehowa subɔlawo?
2. Nukae dɔ si wode asi na mí be míawɔ nusrɔ̃lawo la wɔwɔ lɔ ɖe eme?
2 Wɔ Tɔtrɔyiwo Kutrikukutɔe: Nukpɔsusu nyuitɔ tsɔtsɔ wɔ tɔtrɔyiwo le vevie be míate ŋu awu dɔ si wode asi na mí be míawɔ nusrɔ̃lawo nu. (Mat. 28:19, 20) Ðe míedoa vevie nu le tɔtrɔ yi ɖetsɔlemetɔ siwo ŋu míeke ɖo gbɔa? Ðe míetrɔna yina amesiwo katã xɔ agbalẽ aɖe alo amesiwo tsɔ ɖe le nyanyuia me gbɔa? Ðe míedoa vevie nu le míaƒe agbagbadzedze be míakpe ɖe wo ŋu woatsi le gbɔgbɔ me mea? Esi amewo ƒe agbekpɔkpɔ nɔ te ɖe esia wɔwɔ dzi ta la, ele be míadi vevie be míatu ɖetsɔleme ɖesiaɖe si woɖe fia la ɖo.
3. Nukae wòle be míawɔ le dzeɖoɖo kple ame aɖe le gbeadzi vɔ megbe?
3 Esi dze si nèɖo kple ɖetsɔlemetɔ aɖe kpɔtɔ le susume na wò nyuie la, zã ɣeyiɣi kpui aɖe tsɔ ŋlɔ eƒe ŋkɔ kple adrɛs da ɖi. Ŋlɔ nyati si me miedzro, mawunyakpukpui siwo miexlẽ, kple agbalẽ si nènae ɖi. Le ema megbe la, dze agbagba ɖesiaɖe nàtrɔ ayi egbɔ kaba.
4. Aleke míate ŋu awɔ tɔtrɔyi siwo ɖea kpee?
4 Alesi Nàwɔ Tɔtrɔyie: Ne ètrɔ yi aƒemenɔlaa gbɔ la, anyo be nàdo vivi ɖe eŋu ahawɔ nu xɔlɔ̃wɔwɔtɔe eye nàɖe ɖetsɔleme ŋutɔŋutɔ afiae. Na numedzodzroa nanɔ bɔbɔe ahanɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi. Dzra ɖo ɖe Biblia me nyati dodzidzɔname aɖe si me nàdzro kplii ŋu, eye le wò sasrãkpɔa taƒoƒo me la, da nyabiase aɖe ɖe egbɔ si ŋu nàva ɖo ne ègatrɔ yi. Anyo be nàƒo asa na nyahehe si mehiã o kple aƒemenɔla le nya aɖe si wòado ɖa si mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o ŋu. Dze agbagba numedzodzroa nanɔ te ɖe nusi me mia kplii ƒe susu wɔ ɖeka le dzi.—Kol. 4:6.
5. Agbagba kae mɔɖela aɖe dze, eye viɖe kawoe do tso eme?
5 Tɔtrɔyiwo wɔwɔ bia agbagbadzedze, gake teƒeɖoɖo dodzidzɔnamewoe le eme. Mɔɖela aɖe si le Japan ɖoe eƒe taɖodzinui be yeadzi yeƒe tɔtrɔyiwo wɔwɔ ɖe edzi le ɣleti ɖesiaɖe me. Ete amesiwo katã wòdo goe le tso aƒeme yi aƒeme dɔa wɔwɔ me la ŋuti nuŋlɔɖi wɔwɔ, eye hafi ŋkeke adre nava yi la, etrɔ yi wo gbɔ. Edzra nya siwo wòagblɔ la ɖo nyuie eye wòtsɔ kakaɖedzi blibo ƒo nu tso gbedasia ŋu le eƒe subɔsubɔdɔa me. Le eƒe tɔtrɔyiawo dometɔ ɖeka me la, ete ŋu dze nusɔsrɔ̃ gɔme kple ame aɖe si gblɔ be: “Nyemelɔ̃na ɖoa to mi gbeɖe o. Esiae nye zi gbãtɔ si meɖo to kpɔ.” Nu nyuiwo do tso mɔɖela la ƒe kutrikuku si me lɔlɔ̃ le la me. Kaka ɣletia nawu enu la, ebu Biblia-nusɔsrɔ̃ ewo ƒe akɔnta.
6. Nukatae wòle be míaku kutri le tɔtrɔyiwo wɔwɔ me?
6 Amewo ƒe nɔnɔmewo le tɔtrɔm edziedzi. (Kor. I, 7:31) Ebia agbagbadzedze geɖe hafi woake ɖe ɖetsɔlemetɔ aɖe ŋu le aƒe me ake. To míaƒe tɔtrɔyiwo wɔwɔ kutrikukutɔe me la, míate ŋu akpe ɖe amesiwo ƒe nɔnɔme sɔ la ŋu be woava nɔ mɔ si kplɔa ame yia agbe mavɔ me dzi.—Mat. 7:13, 14.