Míadze Te Ðe Yehowa Ŋu Gbalẽa Sɔsrɔ̃ Gɔme Tso January 6 Ƒe Kwasiɖaa Me
1. Tso January 6 ƒe kwasiɖaa me la, mɔnukpɔkpɔ kae gaʋu ɖi na mí be míate ɖe Yehowa ŋu geɖe wu?
1 Yehowa di be míate ɖe ye ŋu. (Yak. 4:8) Be míate ŋu awɔ esia la, míadze Te Ðe Yehowa Ŋu gbalẽa sɔsrɔ̃ gɔme tso January 6 ƒe kwasiɖaa me le Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃ me. Agbalẽa ƒe ŋgɔdonya gblɔ taɖodzinu si le eŋu ale: ‘Ne míede ŋugble le ale si Yehowa ɖea eƒe nɔnɔmewo dometɔ ɖe sia ɖe fianae ŋu, ne míedze si ale si Yesu Kristo ɖe wo fia bliboe, eye míenya ale si míawo hã míate ŋu atu wo ɖoe la, ate mí ɖe Mawu ŋu.’ Eʋegbe hamewo srɔ̃ agbalẽ sia zi evelia le ƒe 2009 me. Gake le ame yeye geɖe siwo va xɔ nyateƒea tso ɣemaɣi gome la, esia anye zi gbãtɔ si mɔnukpɔkpɔ asu wo si be woasrɔ̃ nu tso Yehowa ƒe nɔnɔme nyoameŋu siwo me wodzro tsitotsito le agbalẽ sia me la ŋu. Le nɔvi siwo srɔ̃ agbalẽ sia va yi gome la, emedzodzro ake akpe ɖe wo ŋu be woagakpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu geɖe wu.—Ps. 119:14.
2. Aleke míasrɔ̃ Te Ðe Yehowa Ŋu gbalẽa?
2 Ale Si Míasrɔ̃e: Nusɔsrɔ̃dzikpɔlaa aʋu nusɔsrɔ̃a nu kple ŋgɔdonya kpui aɖe; ɖewohĩ anye nyagbe ɖeka alo eve ko. Womefia asi ŋɔŋlɔ siwo míaxlẽ o, eya ta nusɔsrɔ̃a dzi kpɔla ŋutɔe atia mawunyakpukpui vevi siwo míaxlẽ. Ate ŋu abia nyabiase ɖeka alo eve le nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu atsɔ awɔ numetoto. Ne aɖaka si nye “Biabiawo Hena Ŋugbledede” le kwasiɖa ma ƒe nusɔsrɔ̃a me la, ke nusɔsrɔ̃dzikpɔlaa azãe atsɔ awɔ numetotoa. Ne ɣeyiɣia ɖe mɔ la, nusɔsrɔ̃dzikpɔlaa ate ŋu ana woaxlẽ mawunyakpukpui siwo le numetotoɖakaa me la dometɔ aɖewo, eye wòabia nya tso wo ŋu.
3. Nu kae nàwɔ be agbalẽ sia sɔsrɔ̃ naɖe vi na wò, eye nu ka tae?
3 Na Wòaɖe Vi Na Wò Bliboe: Anyo be nàdzra ɖo nyuie do ŋgɔ, ne èsrɔ̃ agbalẽ sia va yi gɔ̃ hã. Ðo nya ŋu be wòakpe ɖe ŋuwò nàɖo ŋku nufiameawo dzi, nàde dzi ƒo na nɔvi bubuwo, eye vevietɔ wu la, be nàto esia dzi akafu Yehowa. (Ps. 35:18; Heb. 10:24, 25) Ŋugbledede tso Yehowa ƒe nɔnɔme nyui siwo ɖeke mesɔ kplii o ŋu ana nàte ɖe eŋu kplikplikpli. (Ps. 77:12-14) Esia aʋã wò nàɖoe kplikpaa wu be yeawɔ ɖe Yehowa ƒe sewo dzi ahafia nu amewo tso eyama ŋu.—Ps. 150:1-6.