Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ May 1
“Le subɔsubɔhakplɔla aɖewo ƒe agbagbadzedze be yewoana nuwo nanyo na ameƒomea me la, woƒo wo ɖokui ɖe dunyahehe me. Gake kpɔ nusi Yesu wɔ esime amewo di be yewoaɖoe fiae la ɖa. [Xlẽ Yohanes 6:15.] Yesu he susu yi nane si ahe viɖe mavɔ vɛ na amewo dzi. Magazine sia dzro nusi wònye la me.”
Nyɔ! May 8
“Ame geɖe doa go kuxiwo le woƒe dɔwɔƒewo. Dɔwɔhatiwo ɖea fu na ame aɖewo gɔ̃ hã. Ènya be Biblia ɖo aɖaŋu aɖewo siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe kuxi siawo nua? [Na wòaɖo eŋu. Azɔ xlẽ Lododowo 15:1.] Magazine sia ɖo aɖaŋu nyui aɖewo le alesi míawɔ anɔ ŋutifafa me kple míaƒe dɔwɔhatiwoe ŋu.”
Gbetakpɔxɔ May 15
“Èbu eŋu kpɔ nenye be nusiwo amewo wɔna le anyigba dzi la ka Mawua? [Na wòaɖo eŋu.] Se alesi míaƒe nuwɔnawo ate ŋu awɔ dɔ ɖe Mawu dzii ɖa. [Xlẽ Lododowo 27:11.] Magazine sia dzro amesiwo do dzidzɔ na Mawu ƒe kpɔɖeŋu aɖewo me, eye eɖe alesi míawo hã míate ŋu ado dzidzɔ nɛ me.”
Nyɔ! June 8
“Togbɔ be wowɔ ŋgɔyiyi ɖedzesiwo le atikeŋutinunya me be woaɖu dɔléle dzi hã la, ɖe nèsusu be míava nɔ xexe si me dɔléle maganɔ o me gbaɖegbea? [Na wòaɖo eŋu.] Magazine sia ɖee fia be gbeɖeka la, amesiame si le anyigba dzi ava nɔ lãmesẽ deblibo me le ŋugbedodo sia nu.” Xlẽ Yesaya 33:24.