Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ June 1
“Ame aɖewo se le wo ɖokui me be mehiã be woanɔ subɔsubɔha aɖe me kokoko hafi asubɔ Mawu o. Ède ŋugble tso nya ma ŋu kpɔa? [Na wòaɖo eŋu.] Magazine sia dzro nuŋlɔɖi si li le alesi Mawu wɔ nu kple amewoe le blema me ŋu. Eƒo nu tso nusi wòfia be woasubɔ Mawu le nyateƒe me hã ŋu.” Xlẽ Yohanes 4:24.
Nyɔ! June 8
“Egbea ame geɖe tsi akogo. Esia fia be amewo senɛ le wo ɖokui me be kadodo aɖeke megale woa kple ame bubuwo dome o. Mèsusu be esia anye nu sesẽ ŋutɔ oa? [Na wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Psalmo 25:16.] Nyɔ! ƒe tata sia dzro aɖaŋuɖoɖo nyui siwo akpe ɖe mía nu míaɖu akogotsitsi dzi me.”
Gbetakpɔxɔ June 15
“Vihehe le egbexexea me nye kuxi gã aɖe ŋutɔ, alo? [Na wòaɖo eŋu.] Kakaɖedzinya aɖe le afii be dzilawo ate ŋu akpɔ dzidzedze. [Xlẽ Lododowo 22:6.] Gbetakpɔxɔ ƒe tata sia ɖo aɖaŋu nyui aɖewo siwo akpe ɖe dzilawo ŋu woakpɔ kuxi sia gbɔ.”
Nyɔ! June 22
“Ewɔna na ame aɖewo be mawudzixɔse mewɔ ɖeka kple dzɔdzɔmeŋutinunya o. Gake ènya be dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo gblɔna be dzɔdzɔmeŋutinunya da asi ɖe Wɔla aɖe dzixɔxɔse dzia? [Na wòaɖo eŋu.] Nyɔ! ƒe tata sia dzro nusiwo ta wova ƒo nya ta alea ɖo la dometɔ aɖewo me.” Xlẽ Romatɔwo 1:20.