INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 5/09 axa 4
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
km 5/09 axa 4

Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu

Gbetakpɔxɔ May 1

Xlẽ Mateo 24:3. Emegbe nàgblɔ be: “Ame aɖewo susu be biabia sia ɖee fia be woava tsrɔ̃ míaƒe anyigba sia. Èsusu be woava tsrɔ̃ anyigbaa nyateƒea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Ale si Yesu ɖo nya ma ŋu ɖee fia be menye anyigba la ŋutɔ ye woatsrɔ̃ o, ke boŋ nu bubu aɖee. Nyati si dze le axa 16 lia dzro nya sia me tsitotsito.”

Awake! May

“Subɔsubɔnunɔla aɖewo fiaa nu be ne míewɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, ana míazu kesinɔtɔwo. Ke hã, ɖikeke mele eme o be ènya ame aɖewo siwo vɔ̃a Mawu evɔ wonye ame dahewo. Èsusu be Mawu di be míazu kesinɔtɔwoa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Hebritɔwo 13:5.] Nyati sia ɖe ale si Mawu yraa míi la me.” Tsɔ nyati si dze egɔme tso axa 12 lia fiae.

Gbetakpɔxɔ June 1

“Agbalẽ siwo ɖo aɖaŋu tso vihehe, lɔlɔ̃, kple ale si ame awɔ akpɔ dzidzedze ŋu la bɔ egbea ŋutɔ. Le gowòme ɖe, èkpɔe be agbalẽ mawo kpena ɖe ame ŋua? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Ame geɖe ŋea aɖaba ƒua aɖaŋuɖogbalẽ sia ya dzi. [Xlẽ 2 Timoteo 3:16.] Magazine sia ɖe nu si tae míate ŋu aka ɖe Biblia dzi la me, eye wòƒo nu tso ale si emeɖaŋuɖoɖowo wɔa dɔe la ƒe kpɔɖeŋu aɖewo ŋu.”

Awake! June

“Abe ale si nànyae ene la, ame geɖewo le woƒe susuwo dom ɖa le ŋkeke siawo me nenye be enyo be woaɖe fu loo alo menyo o. Èsusu be Biblia ate ŋu akpe ɖe ame ŋu wòawɔ nyametsotso le nya sia ŋua? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ 2 Timoteo 3:16, 17.] Magazine sia ɖe nu si Biblia fia le nya sia ŋu me.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe