Nutome Sue Takpekpe Ƒe Numetoto
Míazã nyati sia le Subɔsubɔ Kpekpe ƒe ɖoɖowɔɖiwo me do hafi hamea nade ƒe 2006 subɔsubɔƒea ƒe nutome sue takpekpe kpakple le edede vɔ megbe kpuie. Dzikpɔla zimenɔla awɔ ɖoɖo ɖe numedzodzro si miawɔ do ŋgɔ kple emegbe ŋu, abe alesi wona eŋuti mɔfiame le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, August 2004, ƒe axa 4 lia ene. Le numetotoa wɔɣi la, ele be woabia nyabiaseawo katã, eye woahe susu ayi alesi míatsɔ nufiame siwo míexɔ awɔ dɔe dzi.
ŊKEKE GBÃTƆ
1. Aleke míedoa amenyenye yeye lae, eye nukata wòle be wòakpɔtɔ anɔ mía ŋu?
2. Aleke ame aɖewo wɔ dzi woƒe gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me ɖe edzi?
3. Nukata wòle be míatsri mía ɖokui tsɔtsɔ sɔ kple ame bubuwo?
4. Aleke ƒomea me tɔwo ate ŋu aɖe amenyenye yeyea afia le ƒomea mee?
5. Aleke míate ŋu akpe asi ɖe hamea ƒe ɖoɖowo ŋu nuteƒewɔwɔtɔe?
6. Nukatae wòhiã be míaɖe amenyenye yeyea afia le gbeadzi subɔsubɔdɔa me?
7. Nukae ŋugbledede nyuitɔ bia, eye aleke ŋugbledede alea ɖea vi na míi?
8. Nɔnɔme nyui kawoe ana Yehowa natrɔ asi le mía ŋu bɔbɔe?
ŊKEKE EVELIA
9. Nukata wòle vevie be míazã míaƒe aɖe nyuie?
10. Aleke wòɖea vii ne míezãa nya dzetowo le míaƒe dzeɖoɖowo me kple dɔwɔhatiwo, sukuhatiwo, kple ame bubuwo?
11. Aleke míate ŋu atsɔ Paulo ƒe nuxlɔ̃ame si le Efesotɔwo 4:25-32 awɔ dɔe ne míele nu wɔm kple haxɔsetɔwo?
12. Mɔ nyuitɔ kekeake si ŋu bubu le si dzi míazã míaƒe aɖe le enye ka?
13. Nukae wòle be míawɔ bena míaɖu vɔ̃ɖitɔ la dzii?
14. Go kawo mee wòle be míadze agbagba le be míanɔ anyi ɖimaƒomaƒoe tso xexeame?
15. Nukatae wòle be míanɔ asi trɔm le amesi míenye le ememe ŋu gbesiagbe, eye aleke míate ŋu awɔ esiae?
16. Aɖaŋu kawoe woɖo le nutome sue takpekpe sia me siwo dzi nèkpɔ be ele be yeawɔ ɖo?