Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
Ne míekpɔ afɔku ŋuti dzesi aɖe alo se eŋuti nuxlɔ̃me gake gbe nuwɔwɔ ɖe enu la, emetsonua ate ŋu agblẽ nu geɖe. Toɖoɖo gbɔgbɔmemɔfiafia siwo tso Yehowa gbɔ ya gale vevie wu gɔ̃ hã. Woate gbe ɖe nya sia dzi le subɔsubɔƒe si gbɔna ƒe ŋkeke ɖeka tɔxɛ ƒe ɖoɖowɔɖia me. Takpekpea ƒe tanyae nye ‘Milé Ŋku Ðe Alesi Mieɖoa Toe Ŋu Nyuie.’—Luka 8:18.
Le nuƒola si woɖo ɖa ƒe nuƒo gbãtɔ me la, ana míakpɔ alesi aɖaŋuɖoɖo si le Paulo ƒe lɛta si gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ na Hebritɔwo ƒe ta gbãtɔwo me ka míi egbea. Le nuƒo mamlɛ si nye “Lé To Ðe Mawu ƒe Nufiamewo Ŋu Ɣesiaɣi” me la, woakpe ɖe vavalawo katã ŋu woadzro wo ɖokui me akpɔe ɖa be ɖe yewole to ɖom Yehowa, Via, kpakple dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzelaa vavã hã.—Mat. 24:45.
Ðoɖowɔɖia ƒe akpa geɖe aɖe vi na ƒomewo koŋ. Tanya si nye “Ƒome Siwo Léa To Ðe Mawu ƒe Nya Ŋu Susuhenuwo Manɔmee” akpe ɖe mía ŋu míagaɖe mɔ xexeamenuwo navu atsyɔ míaƒe gbɔgbɔmemenyenye dzi o. Gbebiabia amesiwo wɔ asitɔtrɔwo le woƒe ɖoɖowɔɖiwo ŋu bene woatsɔ gbɔgbɔmenuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ anɔ nuƒo sia me. Le nuƒo si nye “Alesi Toɖoɖo Mawu ƒe Nya la Nyuie Doa Ŋusẽ Míaƒe Sɔhɛwoe” me la, woabia gbe sɔhɛ siwo lé nyateƒea me ɖe asi le suku, le wo hatiwo dome, alo le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Nuƒo si nye “Ðevi Sue Siwo Ðoa To Mawu eye Wosrɔ̃a Nu” akpe ɖe mía ŋu be míagabu nusɔsrɔ̃ ƒe ŋutete si le ɖeviwo si la nu tsɛe o. Gbebiabia ɖeviwo kple wo dzilawo akpe ɖe mía ŋu míakpɔ viɖe si le hehenana ɖeviwo ɖe Yehowa ƒe mɔwo ŋu tso ɖevime ke la adze sii.
Togbɔ be Satana ‘le xexeame katã blem’ hã la, Yehowa le mɔ si dzi esubɔla nuteƒewɔlawo ato la fiam wo. (Nyaɖ. 12:9; Yes. 30:21) Toɖoɖo eƒe aɖaŋuɖoɖowo nyuie kple wo tsɔtsɔ de dɔwɔwɔ me ɖokuibɔbɔtɔe naa míedzea nunya, míekpɔa dzidzɔ, eye akplɔ mí ayi agbe mavɔ me.—Lod. 8:32-35.