Wò Kpekpeɖeŋu Hiã
1 “Akpe na mi ɖe nusiwo katã miewɔna ɖe mía ta la ta. Woɖea vi na mí ŋutɔ.” Nya mawo ɖe alesi gbegbe míekpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo ŋu la fia nyuie. Esi Mawu ƒe habɔbɔa le ta kekem ɖe edzi la, gbɔgbɔmemetsitsi siwo akpɔ hame siwo ade 100,000 le xexeame katã dzi la ƒe hiahiã hã le dzidzim ɖe edzi. Ne nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔe nènye la, ekema wò kpekpeɖeŋu hiã.
2 ‘Nɔ Eminyam’: Aleke nàwɔ aminya subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ geɖe? (Tim. I, 3:1) Nu vevitɔe nye to kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo le wò agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa dzi. (Tim. I, 4:12; Tito 2:6-8; Pet. I, 5:3) Kpɔ gome bliboe le gbeƒãɖeɖedɔa me, eye kpe ɖe ame bubuwo hã ŋu be woawɔe nenema ke. (Tim. II, 4:5) Tsɔ ɖe le haxɔsetɔwo ƒe nyonyo me vevie. (Rom. 12:13) Nye Mawu ƒe Nya la srɔ̃la veviedonula, eye nàtu ‘nufiafiaɖaŋu’ ɖo. (Tito 1:9; Tim. I, 4:13) Wɔ dɔdasi siwo hamemegãwo de asi na wò la moveviɖoɖotɔe. (Tim. I, 3:10) Ne ƒome ƒe tae nènye la, ekema ‘kpɔ wò aƒe dzi nyuie.’—Tim. I, 3:4, 5, 12.
3 Be woanye subɔsubɔdɔwɔla alo hamemegã bia dɔ sesẽ wɔwɔ kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ. (Tim. I, 5:17) Eyata ne èle mɔnukpɔkpɔa dim la, wò susu nanɔ amewo subɔsubɔ ɖokuibɔbɔtɔe dzi. (Mat. 20:25-28; Yoh. 13:3-5, 12-17) De ŋugble le tamesusu ƒe nɔnɔme si nɔ Timoteo si ŋu, eye dze agbagba nàsrɔ̃ eyama. (Fil. 2:20-22) Na wò agbenɔnɔ nyui naɖi ɖase le ŋutiwò abe alesi wòɖi ɖase le eyama ŋuti ene. (Dɔw. 16:1, 2) Ne èle gbɔgbɔ me nudidi siwo hiã be nàdze na subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ geɖe xɔxɔ tum ɖo, eye nèle aɖaŋuɖoɖo ɖesiaɖe si akpe ɖe ŋuwò nàwɔ ŋgɔyiyi dzi wɔm la, ‘wò ŋgɔgbedede adze ƒã na amewo katã.’—Tim. I, 4:15.
4 Dzilawo, Mihe Mia Viwo be Woana Kpekpeɖeŋu: Ðeviwo ate ŋu adze kpekpeɖeŋu nana sɔsrɔ̃ gɔme tso woƒe ɖevime ke. Mihe wo be woaɖo to nyuie le kpekpewo me, be woaɖe gbeƒã, eye be woaɖo kpɔɖeŋu nyui le Fiaɖuƒe Akpata me kple le suku. Mina woakpɔ gome le kpekpe ɖe amewo ŋu me, ahaƒo wo ɖokui ɖe nuwo abe Fiaɖuƒe Akpata me dzadzraɖo, kpekpeɖeŋu nana ame tsitsiwo, kple esiawo tɔgbe ene me, eye woakpɔ ŋudzedze ɖe wo wɔwɔ ŋu. Mina woakpɔe be dzidzɔkpɔkpɔ dona tsoa nunana me. (Dɔw. 20:35) Hehe ma ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woava zu gbesiagbe mɔɖelawo, subɔsubɔdɔwɔlawo, kple hamemegãwo le etsɔme.