INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/05 axa 4
  • Mikpe Ðe Wo Ŋu Woaɖi Ðase na Wo Geɖe Wu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mikpe Ðe Wo Ŋu Woaɖi Ðase na Wo Geɖe Wu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gbeƒãɖeɖe Na Dutagbedolawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Ale Si Nàzã Please Follow Up (S-43) Gbalẽvia
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Mɔ Siwo Dzi Míetona Ðea Gbeƒã Nya Nyuia
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • Ameŋkumemakpɔmakpɔ le Míaƒe Subɔsubɔdɔa Wɔwɔ Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
km 3/05 axa 4

Mikpe Ðe Wo Ŋu Woaɖi Ðase na Wo Geɖe Wu

1 Zi geɖe ne míele gbeƒã ɖem nyanyuia la, míedoa go amesiwo mele míaƒe anyigbamama me o alo amesiwo doa gbe bubu, siwo dome tokunɔgbe hã le. Ðewohĩ amesiwo míewɔ Biblia me numedzodzro nyuiwo kple ɣeyiɣi didi aɖe la ʋu dzo le míaƒe anyigbamamaa me. Ðoɖo kae míate ŋu awɔ be woayi edzi aɖi ɖase na amesiawo? Please Follow Up (Taflatse Mitrɔ Yi Wo Gbɔ) (S-43) ƒe agbalẽvia zazã dzie míato.

2 Zi geɖe la, amewo ɖoa to nyanyuia nyuie wu ne wogblɔe na wo le wo degbe me. (Dɔw. 22:1, 2) Le susu sia ta, ɣesiaɣi si míedo go ame aɖe si doa gbe bubu aɖe la, ele be míakpe agbalẽvia ɖo ne amea meɖe ɖetsɔleme fia ɖe Fiaɖuƒegbedasia ŋu o kura gɔ̃ hã. Gake nenye be dutagbedola gbogbo aɖewo li siwo woɖia ɖase na edziedzi le woa ŋutɔ wo degbe me la, ɖewohĩ mahiã be míakpe agbalẽvia ɖo o negbe ɖe ame aɖe ɖe ɖetsɔleme fia hafi.

3 Agbalẽvia Kpekpe Ðo: Dze agbagba natsɔ aɖaŋudzedze axɔ amea ƒe ŋkɔ, eƒe adrɛs, kple eƒe telefon xexlẽdzesi. De dzesi alesi gbegbe wòtsɔ ɖe le emee, ɣeyiɣi si me woate ŋu ake ɖe eŋu, agbalẽ si nènae alo esi wòbia, kple gbe si amea se nyuie. Ne èkpe agbalẽvia ɖo keŋkeŋ vɔ la, tsɔe na hamea ƒe agbalẽŋlɔla kaba, eye eya hã naɖoe ɖe hame alo ƒuƒoƒo si doa gbe ma.

4 Agbalẽvia Ðoɖo Ða: Ne agbalẽŋlɔla menya hame alo ƒuƒoƒo si axɔ agbalẽvia o alo menya woƒe adrɛs o la, ate ŋu aƒo ka na alɔdzedɔwɔƒea hena nyatakaka siwo hiã la xɔxɔ. Megahiã be wòagblɔe na dugã dzikpɔla ne ele agbalẽvia ɖom ɖa o.

5 Ɣesiaɣi si hame alo ƒuƒoƒo aɖe xɔ Please Follow Up ƒe agbalẽvi si wokpe ɖo keŋkeŋ la, ele be wòawɔ ɖoɖo woayi amea gbɔ enumake. Ne míele míaƒe akpa dzi wɔm veviedodotɔe la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa aʋu ‘amesiwo ƒe nɔnɔme sɔ na agbe mavɔ kpɔkpɔ la’ ƒe dzi godoo.—Dɔw. 13:48.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe