Ale Si Nàzã Please Follow Up (S-43) Gbalẽvia
Ele be nàkpe agbalẽvi sia ɖo ne èdo go ame aɖe si ɖe ɖetsɔleme fia gake mele miaƒe anyigbamama me o alo medoa mia degbe o. Togbɔ be tsã la, míekpenɛ ɖo ne míedo go dutagbedola aɖe, amea ɖatsɔ ɖe le eme loo alo metsɔ ɖe le eme o hã la, fifia ne amea tsɔ ɖe le gbedeasia me ko hafi míekpenɛ ɖo, negbe amea nye tokunɔ. Ne míedo go tokunɔ aɖe la, ele kokoko be míakpe S-43 gbalẽvia ɖo, amea ɖatsɔ ɖe le eme loo alo metsɔ ɖe le eme o.
Ne míekpe agbalẽvi sia ɖo vɔ la, nu kae wòle be míawɔ? Ele be míatsɔe ana míaƒe hamea ƒe agbalẽŋlɔla. Ne agbalẽŋlɔlaa nya hame si wòaɖoe ɖa la, ate ŋu aɖoe ɖe hame ma ƒe hamemetsitsiwo tẽe ale be woate ŋu awɔ ɖoɖo akpe ɖe ɖetsɔlemetɔa ŋu. Gake ne menya hame si wòaɖoe ɖa o la, aɖoe ɖe alɔdzedɔwɔƒea.
Ne ɖetsɔlemetɔa doa dutagbe eye wòle miaƒe anyigbamama me la, àte ŋu anɔ egbɔ yim anɔ eƒe ɖetsɔleme tum ɖo va se ɖe esime gbeƒãɖela aɖe natso dutagbe ma ƒe hame me ava egbɔ.—Kpɔ Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ April 2010, axa 6.