Kafu Yehowa le Ameha Gãwo Dome
1, 2. Mɔnukpɔkpɔ kae sua mía si le nutome gã takpekpewo me, eye mɔ kawo dzi míato awɔ esia?
1 Míaƒe nutome gã takpekpewo naa mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe mí ƒe sia ƒe be míakafu Yehowa. Míaƒe seselelãmewo sɔ kple Dawid tɔ, amesi dzi ha be: “Manyɔ wò ŋkɔ le ameha gãwo me, eye makafu wò le ame geɖewo dome.” (Ps. 35:18) Le “Toɖoɖo Mawu” Nutome Gã Takpekpe si gbɔna me la, aleke míawɔ aka ɖe edzi be míewɔ ɖeka le Yehowa kafum?
2 Mɔ siwo dzi míato awɔ esia dometɔ ɖekae nye to míaƒe agbenɔnɔ me. Teƒe aɖe si míewɔ nutome gã takpekpe le dzi kpɔla gblɔ be: “Le takpekpe siwo miewɔ va yi le afisia ta la, míegblɔna na subɔsubɔha bubu siwo di be yewoahaya teƒea be woava kpɔ alesi Yehowa Ðasefowo wɔa woƒe takpekpee, elabena wowɔa ɖoɖo ɖe nusianu ŋu nyuie.” Mía dometɔ ɖesiaɖe toa eƒe dzedzeme, nuwɔwɔ aduadu, kple agbenɔnɔ dzi naa amewo gblɔa kafukafunya siawo siwo mía Mawu dze na la.—Pet. I, 2:12.
3, 4. Aleke ɖokuibɔbɔ akpe ɖe mía ŋu be míado awu alesi dze subɔla Kristotɔwo le takpekpea me kple le kpakpã vɔ megbe?
3 Dzedzeme: Ðokuibɔbɔ hiã ne míedi be míado awu ahadzra ɖo le mɔ si ana woakafu Yehowa nu. (Tim. I, 2:9) Subɔsubɔ Suku gbalẽa ƒe axa 132 gblɔ be: “Amesi bɔbɔa eɖokui akpɔ nyuie be yeƒe nuwɔna matɔ ŋku na amewo o eye mahe susu ava eɖokui dzi dzodzro o.” Awu siwo mesɔ o dodo va bɔ le dukɔ geɖe me. Nyɔnuwo doa awu siwo miã wo kpaɖii alo awu siwo le kpuie alo esiwo me wofe yi dzi ale gbegbe be wòtɔa ŋku, vevietɔ ne wonɔ anyi. Gake, Yehowa dea asixɔxɔ agbagba siwo míedzena be míanye eteƒenɔla siwo ƒe nuwɔna dea bubu eyama ŋu. (Dɔw. 15:14) Togbɔ be ɖewohĩ teƒe aɖe si míahaya alo gbadzaƒe aɖee míawɔ nutome gã takpekpea le hã, amesiwo va ƒo ƒu la zu ‘ameha gã’ si dome míanɔ akafu Mawu le takpekpea ƒe ŋkeke etɔ̃awo me. Eyata ne míeƒo ƒu le Yehowa ŋkume la, ele be míado awu si adze Ame vevitɔ kekeake si le xexeame ŋu. (Kron. I, 29:11) Esia awɔe be míaƒo asa na atsyã aɖewo alo awu siwo míalɔ̃ be míado atsɔ ayi hame ƒe kpekpewo mee o, abe alesi nɔvinyɔnu aɖewo doa atalegbe alo atalegbe dzi kple anyi yia takpekpe la ene o.
4 Ele be míalé ŋku ɖe míaƒe dzedzeme ŋu le kpakpã megbe le ŋkeke ɖesiaɖe dzi hã. Togbɔ be míadi be míado awu siwo ana míavo le mía ɖokui me le kpakpã megbe alo ne míele nu ɖum le nuɖuɖudzraƒewo hã la, egale vevie kokoko be míaƒe awudodo kple dzadzraɖo nasɔ kple amesiwo “ʋua Mawu ƒe subɔsubɔ me la” tɔ. (Tim. I, 2:10) Menye nusi bɔ ame geɖe le wɔwɔm le xexeame dzie míanɔ te ɖo anya ne awudodo aɖe sɔ o. (Yoh. I, 2:16, 17) Ŋutsuwo kple nyɔnuwo ƒe awudodo siwo sɔ hedze ga dzi le nɔnɔme vovovowo me ƒe kpɔɖeŋu geɖe dzena le míaƒe Kristotɔwo ƒe agbalẽwo me. Azɔ hã míaƒe akɔtagbalẽviwo dede ne míele takpedua me aɖo ŋku edzi na mí be subɔla Kristotɔwoe míenye ɣesiaɣi.—Kor. II, 6:3, 4.
5, 6. Aleke míaɖee afia be míedea bubu Yehowa ƒe gbɔgbɔmekplɔ̃ ŋu?
5 De Bubu Yehowa ƒe Kplɔ̃ Ŋu: Xexeame katã ƒe Aƒetɔ Dziɖulagã ɖo kplɔ̃ ɖe mía kɔme. (Yes. 25:6; Kor. I, 10:21) Ne míedea asixɔxɔ gã gbɔgbɔmekplɔ̃ si Yehowa ɖo na mí ŋu la, ekema míaɖoe be míade takpekpea ŋkeke etɔ̃a katã. Èwɔ ɖoɖo ɖe dzeƒe, ʋuɖoɖo, kple mɔbiabia le dɔ me ŋu vɔa? Èdi ɣeyiɣi si hiã ɖe dzadzraɖo kple ʋuɖoɖo ŋu ale be nàte ŋu ava ɖo takpekpewɔƒea kaba adi teƒe anɔ anyi, ade ha kple nɔviwo, ahakpɔ gome le Yehowa kafukafu me le ha si míadzi kple gbe si míado ɖa atsɔ adze takpekpea gɔmee mea?—Ps. 147:1.
6 Bubu dede Yehowa ƒe kplɔ̃ ŋu aʋã mí be míaɖo to nuƒoawo nyuie eye míatsri nuƒoƒo, nuɖuɖu, alo be sẽ kple sẽ ko míanɔ tsotsom madzemadzee. Yehowa le gbɔgbɔmenuɖuɖu si míehiã fifia la nam mí to dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe ha la dzi. (Mat. 24:45) Mele be nuƒoawo dometɔ aɖeke nato ame aɖeke ŋu o. Ele be ɖeviwo nanɔ anyi ɖe wo dzilawo gbɔ ale be woate ŋu akpe ɖe wo ŋu woakpɔ viɖe tso takpekpea me bliboe.—Mose V, 31:12.
7. Nukae wobia tso mía si be míawɔ le ŋdɔ me nuɖuɖu ŋu, eye nukatae?
7 Wobia tso mía si be míatsɔ nusi míaɖu le ŋdɔ me ɖe asi tsɔ wu be míadzo le takpekpewɔƒea be míayi aɖaƒle nuɖuɖu, ice cream, alo adze tsi le nudzralawo gbɔ le ɖiɖiɖemeɣia. Nɔvi siwo de takpekpe le ƒe si va yi me la dometɔ akpa gãtɔ wɔ ɖe mɔfiame siawo dzi eye míele wo kafum ɖe eta. Ðe manyo ŋutɔ ne mí katã kple mía viwo míewɔ ɖe mɔfiame siawo dzi le ƒe sia me oa? (Heb. 13:17) Ðoɖo sia wɔe be mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe sua mía si be míade ha kple mía nɔviwo, eye enana ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa si hea kafukafu vɛ na Yehowa la dzina ɖe edzi.—Ps. 133:1.
8, 9. Mɔnukpɔkpɔ bubu siwo ʋuna ɖi be míakafu Yehowa kae nutome gã takpekpea nana mí?
8 Vomeɖaseɖiɖi: Ne míele mɔ zɔm yina takpekpea kple ne míetrɔ gbɔna la, mɔnukpɔkpɔ geɖe nɔa anyi be míatsɔ míaƒe nuyiwo akafu Yehowa. (Heb. 13:15) Míeɖale nu ɖum le nuɖuɖudzraƒe aɖe alo le dze ɖom kple amedzrodzeƒe dɔwɔla aɖe o, mina míadi mɔnuwo aɖi ɖase. Gbɔgbɔmekesinɔnu geɖe ayɔ míaƒe susu kple dzi me le takpekpea me. Mina míana nu nyui siawo ƒe ɖe amesiwo míado goe.—Pet. I, 3:15.
9 Míele mɔ kpɔm vevie na mɔnukpɔkpɔ sia si ana míakafu Yehowa “le takpekpewo me.” (Ps. 26:12) Mina míawɔ ɖeka akafu Yehowa le “Toɖoɖo Mawu” Nutome Gã Takpekpea me.
[Aɖaka si le axa 6]
Nutome Gã Takpekpe ƒe Ŋkuɖodzinyawo
◼ Ðoɖowɔɖia ƒe Gamewo: Ðoɖowɔɖia adze egɔme le ŋdi 9:30 ŋkeke etɔ̃awo katã. Ne esusɔ miniti ʋɛ aɖewo ɖoɖowɔɖia nadze egɔme la, akpa ma ƒe zimenɔla anɔ anyi ɖe nuƒolanɔƒea esime wole Fiaɖuƒehawo ƒom. Ele be mía dometɔ ɖesiaɖe nanɔ anyi le ɣeyiɣi sia me ale be míadze ɖoɖowɔɖia gɔme le ɖoɖo nu nyuie. Wɔnaa awu enu le ɣetrɔ ga 5:05 le Fiɖagbe kple Memleɖagbe eye awu enu ɣetrɔ ga 4:10 le Kwasiɖagbe.
◼ Ʋutɔtɔɖi: Esi wònye zi geɖe ʋutɔɖoƒea melolona o ta la, ele be ame geɖe nawɔ ɖoɖo atsɔ ʋu ɖeka alesi wòanya wɔe tsɔ wu be ame ɖeka alo eve ko nanɔ ʋu ɖeka me.
◼ Nɔƒe Léle Ði: Amesiwo mia kpli wo miele ʋu ɖeka me va alo amesiwo le aƒe ɖeka me kpli wò koe wòle be nàlé nɔƒe ɖi na.
◼ Ne Woɖe Agbalẽ ɖe Go: Mawu ƒe Nya xlɔ̃ nu mí be ‘míawɔ nuwo katã le lɔlɔ̃ me.’ (Kor. I, 16:14) Ne woɖe agbalẽ yeye ɖe go le takpekpe aɖe me la, lɔlɔ̃ kple amewo ŋu bubu ana be míaganɔ du ƒum, anɔ mía nɔewo tutum alo anɔ mía nɔewo mimim bena míawoe anye ame gbãtɔ le flia me axɔ agbalẽa o. Mele be ame aɖeke nadzo le enɔƒe do ŋgɔ na hadzidzi kple gbedodoɖa mamlɛa, be yeayi aɖaɖo fli axɔ agbalẽ yeyea o. Ne wodo gbe ɖa vɔ la, ele be amesiame nazɔ le ɖoɖo nu blewu ayi aɖaɖo fli axɔ agbalẽ yeyea. Ame ɖokui dzi zizi kple dzi gbɔgbɔ ɖi alea nye Kristotɔwo ƒe tsitsi ƒe dzesi eye eɖea míaƒe nɔvilɔlɔ̃ fiana.—Yoh. 13:35.
◼ Nudzɔdzɔ: Míezã ga gbogbo aɖewo le ɖoɖo wɔwɔ ɖe nutome gã takpekpe ŋu me. Míate ŋu aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ne míewɔ lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ le míaƒe Fiaɖuƒe Akpata me alo le takpekpea me tsɔ do alɔ xexeame katã ƒe dɔa. Ele be woaŋlɔ ɖe gaxɔgbalẽvi ɖesiaɖe si woatsɔ ade nudzɔɖaka me la dzi be woaxee na “Watch Tower Convention.”
◼ Ƒomea ƒe Anyinɔnɔ Ðekae: Mele be dzilawo naɖe mɔ na wo vi, siwo dome ƒewuiviwo hã le, be woanɔ anyi ɖe wo hati sɔhɛwo dome o, ke boŋ ele be dzilawo nanɔ anyi kple wo viwo ne ɖoɖoawo le edzi yim. Dzila siwo nɔa ŋudzɔ akpɔ egbɔ be wo viwo le to ɖom hele nuŋlɔɖi wɔm ne nuƒoawo le edzi yim.
◼ Ŋdɔ me Nuɖuɖu: Taflatse, tsɔ nusi nàɖu le ŋdɔ me la ɖe asi tsɔ wu be nàdzo le takpekpewɔƒea be yeava ƒle nu aɖu le ɖiɖiɖemeɣia. Míate ŋu atsɔ tsifago sue siwo ate ŋu anɔ zikpuiwo te ɖe asi. Womeɖe mɔ be míatsɔ tsifago gãwo, nugo alo atukpa siwo ate ŋu agbã, kple ahamuamewo ava takpekpewɔƒea o.
◼ Nyaléle: Mele be míatsi nyalémɔ̃ ƒomevi aɖeke ɖe takpekpewɔƒea ƒe elektrikkawo alo nuƒomɔ̃awo ŋu o eye ele be míakpɔ egbɔ be míezã wo le mɔ siwo maɖe fu na ame bubuwo o nu.
◼ Foto Ðeɖe: Ame aɖewo ɖea fotowo heva dzrana na vavalawo emegbe. Esi míedi be míado asitsanyawo ɖa ne míeva ƒo ƒu le teokrasi ɖoɖowo me o ta la, mele be míaɖe foto ɖe ga ta o. Mele be míagblɔ na fotoɖelawo hã be woava takpekpea ava ɖe foto mí akpɔ ga o.—w84 7/1 axa 25; kpɔ Ðoɖo gbalẽa hã ƒe axa 142, memama 3.
◼ Nyatakakaxɔmɔ̃wo Kple Asitelefonwo: Ele be míakpɔ nusiawo gbɔ ale be woagahe ame bubuwo ƒe susu o.
◼ Afɔkuwo Kple Nudzɔdzɔ Kpatawo: Ne atikewɔnya aɖe hiã kpata le takpekpewɔƒea la, taflatse kpɔ anyinɔƒegbɔkpɔla aɖe si te ɖe ŋuwò, eye eya ana nyanya Atikewɔƒea enumake ale be míaƒe atikewɔla bibi siwo le teƒea nalé ŋku ɖe nɔnɔmea ŋu ahana kpekpeɖeŋu.
◼ Amedzrodzeƒewo Kple Xɔnyawo: (1) Mègaɖe mɔ be ame geɖe wu agbɔsɔsɔ si ŋu woɖe mɔ ɖo la nanɔ wò xɔ me o. (2) Ne èdi be yeaɖe asi le xɔ si nèbe woagblẽ ɖi na ye ŋu la, ekema na amedzrodzeƒea nanya enumake. (3) Mègaɖa nu le xɔ si menye dzodoƒe o la me o. (4) Mègazã nusiwo ŋu woɖe mɔ ɖo na amedzrowo be woazã le ɣeyiɣi si me wole xɔa me la wòagbɔ eme o. (5) Ðe gbɔgbɔ ƒe kutsetsea fia ne èle nu wɔm kple amedzrodzeƒe dɔwɔlawo, vevietɔ ne vovo mele wo ŋu o.