Ƒomea ƒe Ðoɖowɔɖi—Ƒomea ƒe Gbeadziyiyi
1 Edzɔa dzi na Yehowa ne ekpɔ sɔhɛwo le ekafum. (Ps. 148:12, 13) Le Yesu ƒe ŋkekea me la, “ɖeviwo kple vi nonowo” kura gɔ̃ hã ‘kafu’ Mawu. (Mat. 21:15, 16) Nenema kee wòle egbea hã. Dzilawo, aleke miawɔ akpe ɖe mia viwo ŋu woatsi ava zu Yehowa kafula dovevienuwo le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me? Míegale egblɔm ake, abe alesi míete gbe ɖe edzi le nyati si le etame ku ɖe hamea ƒe kpekpewo ŋu me ene, be kpɔɖeŋu si mia ŋutɔwo mieɖona le vevie. Vifofo aɖe ƒo nu ɖe dzilawo katã nu esime wògblɔ be: “Menye nusi nègblɔna ye viwòwo wɔna o, nusi nèwɔna ye wowɔna!”
2 Nɔvinyɔnu aɖe si dzila mawuvɔ̃lawo na hehee la ɖo ŋku edzi gblɔ be: “Míefɔ̃ Memleɖagbe ŋdi aɖeke kpɔ hebia be míele gbeadzi yi ge egbea hã o. Míenya xoxo be míele yiyi ge.” Wò hã àte ŋu ana viwòwo nakpɔ gbeadziyiyi ƒe vevienyenye nenema ke ne ɖoɖowɔɖi aɖe si dzi miewɔna ɖo le ƒomea si koŋ ɖe gbeadziyiyi ŋu kwasiɖa ɖesiaɖe. Menye ɖekoe esia ana viwòwo nakpɔ nusi nèwɔna ahasrɔ̃e ko evɔ o, akpe ɖe ŋuwò hã be nàlé ŋku ɖe woƒe nɔnɔmewo, woƒe nuwɔnawo, kple ŋutete siwo le wo si sum la ŋu.
3 Hehe Nana Wo Vivivi: Ne miedzra mia viwo ɖo be woakpɔ gome le subɔsubɔdɔa me nyuie ko hafi dzi adzɔ wo ɖe ewɔwɔ ŋu. Nɔvinyɔnu si ƒe nya míegblɔ va yi la gblɔ hã be: “Menye evelia dodo na mía dzilawo le woƒe dɔwɔwɔ me tae míeyia gbeadzi ɖo gbeɖe o. Míenya be míawo hã míekpɔ gome le dɔa wɔwɔ me, togbɔ be ɣeaɖewoɣi agbonuga koe míeƒona hegblẽa amekpegbalẽvi aɖe ɖi hã. Esi míedzrana ɖo do ŋgɔ na dɔwɔwɔ le kwasiɖanuwuwuwo ta la, míenya nya si gblɔ ge míeyina.” Àte ŋu ana hehe viwòwo alea ne èdia miniti ʋɛ aɖewo kwasiɖa sia kwasiɖa dzrana wo ɖo ɖe subɔsubɔdɔa ŋu, ate ŋu anye le ƒomenusɔsrɔ̃ wɔɣi alo le ɣeyiɣi bubu aɖe dzi.
4 Ne ƒomea yia gbeadzi ɖekae la, ana mɔnukpɔkpɔ wò nàƒã nyateƒea ɖe viwòwo me ɖe edzi wu. Vifofo Kristotɔ aɖe kplɔa vianyɔnuvi wozɔa afɔ kilometa ewo yina kɔƒe aɖe si le bali aɖe si te wo ŋu me va mana trakt gazɔnɛ gbɔna. Nyɔnuvia gblɔ be: “Ɣeyiɣi mawo siwo míezãna tsɔ zɔna ye fofonye ƒã nyateƒea ɖe nye dzime.” (Mose V, 6:7) Neva eme be woaɖo eteƒe na wò hã le esi nèna gbeadzisubɔsubɔdɔa nye ƒomea ƒe kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe ɖoɖowɔɖi ƒe akpa aɖe ta.