INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 6/97 axa 7
  • Dzilawo—Mifia Gbeƒãɖeɖe Mia Viwo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dzilawo—Mifia Gbeƒãɖeɖe Mia Viwo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Fia Viwòwo Be Woakafu Yehowa
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Na Hehe Viwò Be Wòazu Gbeƒãɖela
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Alesi Woatu Ƒome Ðo Be Wòasẽ Ŋu Le Gbɔgbɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Dzilawo—Mina Hehe Mia Viwo tso Vidzĩme
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
km 6/97 axa 7

Dzilawo—Mifia Gbeƒãɖeɖe Mia Viwo

1 Wotsɔ ɖevi geɖe siwo di tso dzime be yewoasubɔ Mawu la yra míaƒe hamewoe. (Nyagb. 12:1) Woawo hã le amesiwo Yehowa kpe be woakafu ye la dome. (Ps. 148:12-14) Eyata ele be hehe si dzilawo naa wo viwo gbesiagbe la ƒe akpa aɖe nanye alesi woafia wo be woagblɔ woƒe xɔse ŋu nya na ame bubuwo le Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔa me.—Mose V, 6:6, 7.

2 Mihe Mia Viwo Vivivi: Edze be woana hehe ɖeviwo le woƒe vi fẽ me be woakplɔ wo dzilawo ɖo ayi gbeadzi. Hafi miayi gbeadzi la, dzra viwòwo ɖo be woawo hã nakpɔ gome le ɖaseɖiɖi me alesi dze. Ðo nusi nèdi be woawɔ ne mieyi aƒea me la na wo do ŋgɔ. Ðevi suewo ate ŋu ana trakt kple amekpegbalẽvi eye woakpe amewo ava Fiaɖuƒe Akpata mee. Woate ŋu abia tso ɖevi siwo nya nuxexlẽ nyuie si be woaxlẽ ŋɔŋlɔawo le aƒea me. Woate ŋu azã dzeɖonya kpui aɖe atsɔ ana magazinewoe. Esi nuteƒekpɔkpɔ le wo si sum la, na hehe wo be woazã Biblia ne wole gbeƒã ɖem. Ðevi gbeƒãɖela geɖe dze woa ŋutɔwo ƒe magazine ƒe ademɔ gɔme hewɔa tɔtrɔyi edziedzi. Enyo be ɖevi nawɔ dɔ kple ame tsitsi tsɔ wu be woa kple ɖevi bubu woazɔ. Ame tsitsia ate ŋu aɖe nu me na aƒemenɔla la be gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋuti hehe xɔmee ɖevia le.

3 Nyɔnuvi aɖe bia hamemegãwo ƒe kpekpeɖeŋu bene wòate ŋu adze anye Fiaɖuƒe gbeƒãɖela. Togbɔ be ƒe atɔ̃ koe wòxɔ ɣemaɣi eye menya nuxexlẽ o hã la, ete ŋu gblɔa Fiaɖuƒe gbedasia nyuie le aƒewo me. Elé agbalẽa ƒe afisi woyɔ mawunyakpukpuiwo ɖo ɖe tame ʋuna, biaa aƒemenɔla la be wòaxlẽ wo, eye eya ŋutɔ ɖea wo me.

4 Ŋutsuvi aɖe si xɔ ƒe atɔ̃ la tsɔ dzonɔameme wɔ gbeadzisubɔsubɔdɔ lae. Eɖe gbeƒã na eƒe sukuhatiwo kple nufialawo, esi wɔ dɔ ɖe woƒe nufiala la dzi wòbia ɖevia fofoa be wòana Agbe Tegbee ƒe agbalẽa ye. Esi nutome sue dzikpɔla yi ɖasrã woƒe hamea kpɔ nyitsɔ laa la, Mawu ƒe Fiaɖuƒe gbeƒãɖela sia si nye ɖevi la kpe eƒe Biblia-nusrɔ̃viwo kple sukuhatiwo be woave se dutoƒonuƒoa. Wo ame ewo va.

5 Ele be dzilawo nato kpɔɖeŋu si woɖona me afia asixɔxɔ si le gbeadzidede edziedzi ƒe ɖoɖowɔɖi nyui ƒe amesinɔnɔ ŋu la wo viwo hã. Ele be dzilawo nawɔ gbeadzidede edziedzi kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe ɖoɖowɔɖi eye woawɔ ɖe edzi, ale be ɖeviawo nanya kwasiɖaa ƒe akpa si woɖona ɖi ɣesiaɣi hena gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ.

6 Ne wofia ɖeviwo tso vi fẽ me be woalɔ̃ gbeadzisubɔsubɔdɔa ahawɔe la, aʋã wo be woaʋli adi mɔnukpɔkpɔ siwo de ŋgɔ wu le etsɔme, ɖewohĩ mɔɖeɖedɔa hã. (Kor. I, 15:58) Ele be mía dometɔ ɖesiaɖe nade dzi ƒo na ɖevi siwo le mía dome be woawɔ ŋgɔyiyi nyui azu Yehowa kafulawo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe