INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 5/07 axa 8
  • Fia Viwòwo Be Woakafu Yehowa

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Fia Viwòwo Be Woakafu Yehowa
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Na Hehe Viwò Be Wòazu Gbeƒãɖela
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Dzilawo—Mifia Gbeƒãɖeɖe Mia Viwo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Alesi Woatu Ƒome Ðo Be Wòasẽ Ŋu Le Gbɔgbɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Subɔla Siwo Ðea Gbeƒã Nya Nyuia
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
km 5/07 axa 8

Fia Viwòwo Be Woakafu Yehowa

1. Ðe ɖeviwo ate ŋu akafu Yehowaa?

1 Psalmo 148:12, 13 de dzi ƒo na ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo be “woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ.” Ðevi siwo wɔ esia ƒe kpɔɖeŋu geɖe le Ŋɔŋlɔawo me. Le kpɔɖeŋu me, Samuel, si nye ɖevi sue, “subɔna le Yehowa ŋku me.” (Sam. I, 2:18) “Nyɔnuvi sue” aɖee gblɔ na Naeman srɔ̃ be Yehowa ƒe nyagblɔɖila aɖe le Israel si ate ŋu ada Naeman ƒe anyidɔa nɛ. (Fia. II, 5:1-3) Esime Yesu ge ɖe gbedoxɔa me hewɔ nukudɔ gãwo la, ‘ɖeviwoe’ do ɣli gblɔ be: “Hosana na Dawid vi la!” (Mat. 21:15) Aleke dzilawo ate ŋu afia wo viwo be woakafu Yehowae?

2. Nu ka tae wòle vevie be dzilawo naɖo kpɔɖeŋu nyuiwo na wo viwo?

2 Kpɔɖeŋuwo: Wode se na vifofowo le Israel be, ele be woalɔ̃ Yehowa ahana eƒe sededewo nanɔ woa ŋutɔwo ƒe dzi me gbã, hafi woate ŋu aƒã nyateƒea ɖe dzi me na wo viwo. (Mose V, 6:5-9) Ne èɖoa dze tuameɖowo tso gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu hekpɔa gome le eme kwasiɖa sia kwasiɖa la, anɔ bɔbɔe na viwòwo be woabu gbeadzisubɔsubɔdɔa be enye dɔ vevi aɖe si wɔwɔ doa dzidzɔ na ame.

3. Aleke kpɔɖeŋu si nɔvinyɔnu aɖe dzilawo ɖo la ɖe vi nɛ?

3 Nɔvinyɔnu aɖe ɖo ŋku edzi dzidzɔtɔe be: “Esi menɔ tsitsim la, nu siwo míaƒe ƒomea wɔna edziedzi dometɔ ɖekae nye gbeadzi yiyi kwasiɖanuwuwu ɖe sia ɖe. Mekpɔe dze sii be gbeƒãɖeɖe doa dzidzɔ na dzinyelawo. Fifia si míetsi la, míekpɔe be subɔsubɔdɔa wɔwɔ kpɔtɔ vivia mía nu ale gbegbe.” Nɔvinyɔnu sia zu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ esi wòxɔ ƒe adre pɛ ko, eye wòle ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm ƒe 33 enye sia.

4. Nu kae hehenana ɖeviwo edziedzi la fia?

4 Hehe Tuameɖowo Nana Edziedzi: Yi gbeadzi kple viwòwo. Ðewohĩ woate ŋu aƒo agbonuga, ana trakt aɖe aƒemenɔlaa, alo axlẽ mawunyakpukpui aɖe. Esia awɔe be subɔsubɔdɔa navivi wo nu wu eye wòakpe ɖe wo ŋu be dzi nanɔ wo ƒo woazã ŋutete si le wo si atsɔ aɖe gbeƒã Fiaɖuƒe gbedeasia. Ne wole tsitsim la, ele be míana woanɔ gome kpɔm geɖe wu le gbeƒãɖeɖedɔa ƒe akpa bubuwo me. Eya ta kpe ɖe wo ŋu be woanɔ ŋgɔyiyi wɔm eye woabu gbɔgbɔmetaɖodzinuwo ɖoɖo na wo ɖokui ŋu.

5. Nu kae hiã na ɖevi aɖe hafi wòadze anye gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ?

5 Ne ènya kpɔe be ye viwo dze azu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo, eye nèkpɔe be enye woawo ŋutɔ ƒe didi ko la, gblɔe na hamemetsitsiwo enumake. Ne wova zu gbeƒãɖelawo la, woakpɔ ale si wònye woa ŋutɔwo ƒe agbanɔamedzi be woakafu Yehowae la adze sii. Nenɔ susu na mi be mahiã be ɖevi nanya nu si gbegbe ame tsitsi xɔnyɔnyrɔ nya hafi woabui be edze o. Ðe viwòa se Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo gɔmea? Ðe wòwɔna ɖe Biblia ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo dzia? Ðe wòdi be yeakpɔ gome le subɔsubɔdɔa me eye wòdi hã be woanya ye be yenye Yehowa Ðasefoa? Ne aleae wòle la, ke hamemetsitsiwo ate ŋu akpɔe ɖa be ɖevia dze anye gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ hã.—Kpɔ Ðoɖo Hena Yehowa ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ gbalẽa ƒe axa 79-82.

6. Nu ka tae wòɖea vi ne dzilawo na hehe wo viwo?

6 Ale si woafia ɖeviwo be woakafu Yehowa tso woƒe dzi me bia agbagbadzedze. Gake nu siwo hea dzidzɔ geɖe vɛ na dzilawo la dometɔ ɖekae nye be woakpɔ wo viwo be wole gbɔgbɔmeŋgɔyiyi wɔm. Esi le vevie wu enye be, Yehowa kpɔa dzidzɔ ŋutɔ ne ɖeviwo ƒo nu tso eƒe dɔ wɔnukuwo ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe