INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 7/05 axa 8
  • Ame Gbogbotɔ Kekeake Gbɔ Ðoɖo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ame Gbogbotɔ Kekeake Gbɔ Ðoɖo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Mina Míawɔ Nuwo Katã Le Nya Nyui La Ta’
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Yehowa Dzraa Mɔ La Ðo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Mɔ Siwo Dzi Míetona Ðea Gbeƒã Nya Nyuia
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • “Ðaseɖiɖi Na Dukɔwo Katã”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
km 7/05 axa 8

Ame Gbogbotɔ Kekeake Gbɔ Ðoɖo

1. Nukae Kristotɔ gbãtɔwo wɔ be wote ŋu tsɔ nyanyuia yi na ame geɖe?

1 Yesu yomedzela gbãtɔwo di vevie be yeawoakaka Fiaɖuƒegbedasia. Wozã nyakakamɔnu siwo atse ku nyuie ale be nyateƒea naɖo ame geɖe alesi nu woate ŋui gbɔ. Kristotɔ siwo gbɔgbɔ kɔkɔe ʋã woŋlɔ Biblia la ŋlɔe ɖe Helagbe si mesesẽ o, si ame geɖe dona le Roma Fiaɖuƒea ƒe nuto vovovoawo me, la me. Gakpe ɖe eŋu la, anye be gbeƒãɖela veviedonula siwo nɔ anyi tso ƒe alafa evelia kple etɔ̃lia M.Ŋ. me koŋue zã blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ (codex), si ƒe mawunyakpukpuiwo didi nɔ bɔbɔe na wo wu agbalẽxatsaxatsawo.

2, 3. (a) Aleke Yesaya 60:16 le eme vam le míaƒe ŋkekea mee? (b) Aleke wole mɔ̃ɖaŋununya zãm tsɔ le tadedeagu dzadzɛa dom ɖe ŋgɔe?

2 Mɔ̃ɖaŋununya Zazã: Yehowa to nyagblɔɖila Yesaya dzi gblɔ ɖi be: “Àno dukɔwo ƒe notsi.” (Yes. 60:16) Le egbeŋkekeawo me la, Yehowa subɔlawo le dukɔwo ƒe nunɔamesi veviwo zãm tsɔ le gbeƒãɖeɖedɔa dom ɖe ŋgɔ le nyagblɔɖi sia ƒe emevava nu. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1914 me la, Biblia Nusrɔ̃viwo zã “Xexeamewɔwɔ ƒe Fotoɖeɖefia” si nye gaƒoƒo enyi ƒe sinimaɖeɖefia aɖe, si dze le amadede nyui vovovowo me, eye eƒe gbeɖiɖi me kɔ nyuie la wònye gbeƒãɖeɖe ƒe mɔnu wɔdɔɖeamedzi aɖe si wotsɔ kaka nyanyuia na ame miliɔn geɖe hafi sinimaɖeɖefia va bɔ le xexeame.

3 Egbea, Mawu ƒe amewo le agbalẽtamɔ̃ siwo ƒe dɔwɔna tsɔna ŋutɔ kple kɔmpiuta dɔwɔmɔnu vovovowo ŋudɔ wɔm tsɔ le Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo tam le gbegbɔgblɔ alafa geɖe me. Wozãa mɔzɔmɔnu siwo mexɔa ɣeyiɣi geɖe o tsɔ ɖoa Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖe anyigba ƒe teƒe didiwo wòɖoa amesiwo le dukɔ 235 me gbɔ. Yehowa to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi ʋã esubɔlawo be woazã mɔ̃ɖaŋununya siawo le mɔ si aɖe vi nu, be Biblia me nyateƒea naɖo ame gbogbotɔ kekeake gbɔ wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe le ŋutinya me.

4. Tɔtrɔ kawoe ame aɖewo wɔ le woƒe agbenɔnɔ me be wote ŋu tsɔ nyanyuia le ame geɖe si nu woate ŋui gbɔ ɖom?

4 Tɔtrɔwɔwɔ le Agbenɔnɔ Me: Wode dzi ƒo na Mawu subɔla anukwaretɔwo be woawɔ tɔtrɔwo le woƒe agbenɔnɔ me ale be wòanɔ bɔbɔe na wo be woatsɔ nyanyuia ayi na ame geɖe wu. Gbeƒãɖela geɖe wɔ asitɔtrɔ le woƒe agbenɔnɔ ŋu be wòanɔ bɔbɔe na wo be woate ŋu akpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me bliboe. Ame aɖewo ʋu yi afisi wohiã Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo le vevie be yewoasubɔ le afima. Bubuwo hã dzi woƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi to gbegbɔgblɔ bubu aɖe sɔsrɔ̃ me.

5, 6. Nukae míate ŋu awɔ be nyanyuia naɖo ame geɖewo gbɔ le míaƒe nutoa me?

5 Hekpe ɖe eŋu la, míate ŋu atsɔ nyanyuia ayi na ame geɖe le ɣeyiɣi si me woanɔ aƒeme kpakple le teƒe si míate ŋu akpɔ wo le. Nenye be amewo menɔa aƒeme le ŋkeke me le miaƒe nutoa me o la, ɖe nàte ŋu atrɔ asi le wò ɣeyiɣiwo ŋu be nàɖi ɖase le ɣetrɔ mea? Ðe teƒe aɖewo li si amewo sɔa gbɔ ɖo, si nàte ŋu aɖi ɖase lea? Ðe nètea telefon dzi ɖaseɖiɖi kple ɖaseɖiɖi le fiasewo me hã kpɔa? Ðe nèdia mɔnukpɔkpɔwo be nàɖi vomeɖasea?

6 Mɔnukpɔkpɔ gã ka gbegbee nye esi wònye na mí be míakpɔ gome le ɖaseɖiɖi le Yehowa ƒe ŋkɔ kple eƒe Fiaɖuƒea ŋu ƒe dɔ gã la wɔwɔ me! Mina míayi edzi agblɔ Mawu ƒe Nya la me nyateƒe si naa agbe la na ame gbogbotɔ kekeake.—Mat. 28:19, 20.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe