INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/09 axa 2
  • ‘Mina Míawɔ Nuwo Katã Le Nya Nyui La Ta’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Mina Míawɔ Nuwo Katã Le Nya Nyui La Ta’
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Àtrɔ Ðe Nɔnɔmeawo Ŋua?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Àte Ŋu Atrɔ Asi le Wò Ðoɖowɔɖi Ŋua?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Mɔ Siwo Dzi Míato Awɔ Míaƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa Wòanyo Wu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Ame Gbogbotɔ Kekeake Gbɔ Ðoɖo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
km 2/09 axa 2

‘Mina Míawɔ Nuwo Katã Le Nya Nyui La Ta’

1. Nu kae Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo lɔ̃na faa be yewoawɔ na amewo, eye nu ka tae?

1 Apostolo Paulo de dzesii be enye yeƒe agbanɔamedzi be yeagblɔ nya nyuia na ame bubuwo. (1 Kor. 9:16, 19, 23) Nenema kee ale si míawo hã míetsɔ ɖe le amewo ƒe dedienɔnɔ mavɔ me la ʋãa mí míelɔ̃na faa be míagblɔ nya nyuia na wo.

2. Ne míele gbeƒã ɖem la, asitɔtrɔ kawoe míelɔ̃na faa be míawɔ, eye nu ka tae?

2 Ðe Gbeƒã Le Teƒe Kple Ɣeyiɣi Siwo Me Nàte Ŋu Ake Ðe Amewo Ŋu: Ame si nye lãɖela nyui medaa eƒe ɖɔ ɖe teƒe ɖe sia ɖe alo le ɣeyiɣi ɖe sia ɖe si wòkpɔ be esɔ na ye ŋutɔ ko me o, ke boŋ, edanɛ ɖe teƒe siwo wòaɖe lã geɖe le kple ɣeyiɣi ɖe sia ɖe si me wòaɖe lã geɖe wu le la me. Esi míawo hã míenye “ameɖelawo” ta la, ehiã be míawo ŋutɔwo míawɔ asitɔtrɔ aɖewo ale be míate ŋu ake ɖe amewo ŋu le míaƒe anyigbamama me be míakpɔ dzidzɔ blibo si dona tso mɔnukpɔkpɔ si nye “tɔmelã ɖe sia ɖe ƒomevi” ɖeɖe dɔa wɔwɔ me. (Mat. 4:19; 13:47) Ðe míate ŋu ayi amewo ƒe aƒewo me ne ɣea le to ɖom alo míafɔ kaba awɔ ablɔdziɖaseɖiɖidɔa? Taɖodzinu si nɔ Paulo sie nye ‘be yeaɖi ɖase tso nya nyui la ŋu tsitotsito,’ eye ewɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe si sɔ la ŋu dɔ tsɔ wɔ esiae.—Dɔw. 17:17; 20:20, 24.

3, 4. Ne míele gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔm la, mɔ kawo nue míate ŋu awɔ asitɔtrɔ le, eye nu kawoe ate ŋu ado tso eme?

3 Trɔ Asi Le Wò Ðaseɖinyaa Ŋu Wòasɔ Ðe Nɔnɔmea Nu: Zi geɖe la, lãɖelawo trɔa asi le woƒe mɔnuwo ŋu ale be woate ŋu aɖe lã ƒomevi aɖe koŋ. Aleke míate ŋu atrɔ asi le Fiaɖuƒe nya nyui ŋuti gbedeasia ŋu ale be wòanyɔ amewo ƒe ɖetsɔleme le míaƒe anyigbamamaa me? Ele be míado nya siwo me ame akpa gãtɔ tsɔ ɖe le la ɖa ŋuɖɔɖotɔe, eye míaɖo to nyuie ne wole woƒe susuwo gblɔm tso nyaa ŋu. (Yak. 1:19) Míate ŋu abia nukpɔsusubiabiawo atsɔ ahe wo ade dzeɖoɖoa me. (Lod. 20:5) To esia dzi la, míate ŋu atrɔ asi le ale si míagblɔ nya nyui ŋuti gbedeasia ŋu le mɔ si ana ameawo nakpɔe be nyaa ka yewo ŋutɔwo la nu. Paulo va zu “nuwo katã na ame ƒomeviwo katã.” (1 Kor. 9:22) Asitɔtrɔ le míaƒe ɖaseɖinyawo ŋu nye mɔ vevi aɖe si dzi míato aɖo amewo ƒe dzi gbɔ.

4 Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye be míatsɔ ‘nu si nyo wu ŋuti nya nyui’ ayi na amewo! (Yes. 52:7) ‘Mina míawɔ nuwo katã le nya nyui la ta’ ale be míate ŋu aɖo ame geɖe ale si nu míate ŋui la gbɔ.—1 Kor. 9:23.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe