Nutome Sue Takpekpe ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
Esi wònye xexe gbegblẽ sia ƒe ŋkeke mlɔeawo mee míele ta la, ele vevie be míaƒe gbɔgbɔmewua nakpɔtɔ anɔ mía ŋu, eye míakpɔ míaƒe Kristotɔnyenye ta. (Nyaɖ. 16:15) Eyata esɔ be ƒe 2006 subɔsubɔƒea ƒe nutome sue takpekpe ƒe ɖoɖowɔɖia ƒe tanya enye ‘Mido Amenyenye Yeye La.’—Kol. 3:10.
Ŋkeke Gbãtɔ: Nuƒo kpuiwo ƒe gbãtɔ, “Amenyenye Yeyea ƒe Akpa Vovovowo Ðeɖe Fia,” ate gbe ɖe alesi amenyenye yeyea tutuɖo ɖea vi na mí le míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa la dzi. Aleke míetua amenyenye yeyea ɖoe? Woakɔ nya sia me le ŋkeke gbãtɔ ƒe nuƒo eve mamlɛawo, “Mlã Ðokuiwò be Nàde Ŋugble Nyuie” kple “Hehexɔxɔ si Nana Amenyenye Yeyea Nyona Ðe Edzi” me.
Ŋkeke Evelia: Woadzro alesi amenyenye yeyea kpɔa ŋusẽ ɖe alesi míezãa míaƒe aɖee dzi me le nuƒo kpuiwo ƒe evelia si ƒe tanyae nye “Na Nunyalawo ƒe Aɖe Nasu Asiwò” me. Dutoƒonuƒoa ƒe tanyae nye “Èle Vɔ̃ɖitɔ la Dzi Ðumaa?” eye ate gbe ɖe alesi wòle vevie be míanɔ ŋudzɔ ɖe Satana ƒe aɖaŋu vɔ̃wo ŋui la dzi. Takpekpea ƒe nuƒo eve mamlɛawo, “Dzra Ðokuiwò Ðo Ðimaƒomaƒoe tso Xexeame” kple “Míaƒe Amenyenye Ememetɔ la Wɔwɔ Yeyee Gbesiagbe,” akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na nɔnɔme kple agbenɔnɔ siwo tsia tre ɖe Mawu ƒe mɔ dzɔdzɔeawo ŋu, eye míakpɔtɔ alé Yehowa subɔsubɔ me ɖe asi sesĩe.
Míele mɔ kpɔm vevie be míase nya siwo ade dzi ƒo na mí ale be míado amenyenye yeyea eye wòakpɔtɔ anɔ mía ŋu!