Ðaseɖiɖi Numaƒomaƒoe
1 Yehowa ƒe nuwɔwɔ siwo ƒo xlã mí la gblɔa nya geɖe tso eƒe nɔnɔme siwo ŋku mate ŋu akpɔ o ŋu na mí numaƒomaƒoe. (Ps. 19:2-4; Rom. 1:20) Nenema kee míaƒe agbenyuinɔnɔ, Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyoameŋuwo, kple míaƒe dzedzeme si dana sɔna hã ɖia ɖase nya aɖeke magblɔmagblɔe. (Pet. I, 2:12; 3:1-4) Ele be wòanye mía dometɔ ɖesiaɖe ƒe didi be ‘míaɖo atsyɔ̃ na Mawu, mía Xɔla ƒe nufiafia la le nuwo katã me,’ to nɔnɔme si míeɖena fiana dzi.—Tito 2:10.
2 Aleke wòanya wɔe be amegbetɔ madeblibowo naɖo atsyɔ̃ na Biblia ƒe nufiafiae? Mawu ƒe Nya ƒe mɔfiafia kple gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ŋusẽ koe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu. (Ps. 119:105; 143:10) Mawu ƒe nya la “le agbe, eye wòsẽa ŋu, eye wòɖana wua yi nuevee sia yi nuevee.” (Heb. 4:12) Egena ɖe míaƒe dzi ƒe gogloeƒe eye wòkpena ɖe mía ŋu be míado amenyenye yeyea. (Kol. 3:9, 10) Gbɔgbɔ kɔkɔea nana be míeɖea nɔnɔme nyoameŋuwo abe dɔmenyonyo, nyuiwɔwɔ, dɔmefafa, kple ɖokuidziɖuɖu fiana. (Gal. 5:22, 23) Ðe mía dometɔ ɖesiaɖe ɖea mɔ be Mawu ƒe nya kple gbɔgbɔa nakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbe dzia?—Ef. 4:30; Tes. I, 2:13.
3 Amewo Dea Dzesii: Ne míele agbe nɔm ɖe Yehowa ƒe dzidzenuwo nu eye míeʋlina sesĩe be míaɖe mawumenɔnɔmewo afia la, amewo dea dzesii. Le kpɔɖeŋu me, bu nya sia ŋu kpɔ. Ŋutsu aɖe ƒe dɔwɔhatiwo ɖua fewu le eŋu elabena enye ame kpui. Nɔvinyɔnu aɖe si hã wɔa dɔ le dɔwɔƒe ma ke ya dea asixɔxɔ eŋu eye wòwɔa nu ɖe eŋu bubutɔe ɣesiaɣi. Esia ʋã ŋutsua wòbiae be nukatae eya ƒe nɔnɔme to vovo kura hã. Eɖe eme be nusita yewɔa nu le bubudedeameŋu mee nye be yetsɔa Biblia ƒe gɔmeɖosewo wɔa dɔe le yeƒe agbenɔnɔ me. Egblɔ Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔ ŋu nya lédzinamewo hã nɛ. Ŋutsua dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme eye mlɔeba ewɔ ŋgɔyiyi va xɔ nyɔnyrɔ. Esi wòtrɔ yi wo de la, eƒe agbenyuinɔnɔ wɔ dɔ ɖe eƒe ƒometɔwo dzi, si wɔe be wo dometɔ geɖewo hã va xɔ nyateƒea.
4 Eɖanye le dɔwɔƒe, le suku, alo le nuwɔwɔ kple míaƒe ƒometɔwo kple aƒelikawo me o, míate ŋu ato míaƒe agbenyuinɔnɔ, kpakple míaƒe ɖaseɖiɖi dzi, aʋã amewo woakafu Mawu.—Mat. 5:16.