INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 6/98 axa 7
  • Ðaseɖiɖi to Agbenɔnɔ Nyui Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðaseɖiɖi to Agbenɔnɔ Nyui Me
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Tso Ðeviwo ƒe Nu Me’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Dɔ Nyui Siwo Nyea Kafukafu Na Yehowa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Sɔhɛ Siwo Le Keklẽm Abe Akaɖiwo Ene
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Sɔhɛwo—Mido Dzidzɔ na Yehowa ƒe Dzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
km 6/98 axa 7

Ðaseɖiɖi to Agbenɔnɔ Nyui Me

1 Egbea si amewo ɖea mɔ ɖe agbenɔnɔ ɖesiaɖe ƒomevi ŋu la, sɔhɛ geɖe tsɔa atikevɔ̃ɖizazã, agbegbegblẽnɔnɔ, aglãdzedze, kple ʋunyaʋunyawɔwɔ gblẽa woƒe agbe domee ɖekematsɔlemetɔe. Gake efaa akɔ na ame be woakpɔ sɔhɛ nyui siwo le Kristo-hamea me ƒe agbenɔnɔ nyui eye ɖikekemanɔmee la, enye nusi nya kpɔna ale gbegbe na Yehowa. Enye ɖaseɖiɖi sẽŋu aɖe si ate ŋu ahe amewo va nyateƒea gbɔe.—Pet. I, 2:12.

2 Nuteƒekpɔkpɔ geɖe li si fia be Kristotɔ sɔhɛwo ƒe agbenɔnɔ nyui kpɔ ŋusẽ nyui ɖe amesiwo kpɔnɛ la dzi. Nufiala aɖe gblɔ na eƒe sukuviwo katã le Ðasefo nyɔnuvi aɖe si nye eƒe sukuvi ŋu be nyɔnuvi sia ƒe Mawu, Yehowa, ye nye Mawu vavãtɔ. Nusita wògblɔ nya sia ɖoe nye be nyɔnuvia bua ame ɣesiaɣi. Nufiala bubu ŋlɔ lɛta na Habɔbɔa be: “Medi be makafu mi ɖe sɔhɛ nyui siwo le miaƒe haa me la ta. . . . Miaƒe sɔhɛwo nye kpɔɖeŋu vavã. Wobua ame tsitsiwo, wonye nudzeamewɔlawo, eye wodoa awu ɖe ɖoɖo nu. Eye wonya Biblia ale gbegbe! Ema tututue woyɔna be mawusubɔsubɔ!”

3 Ðasefo ƒe adre vi aɖe si le nufiala bubu hã ƒe sukuxɔ me ƒe agbenɔnɔ wɔ dɔ ɖe eƒe nufiala dzi. Ŋutsuvi sia ƒe tufafa kple amenyenye nyoameŋu na wòto vo kura le wo tɔ ŋutsuvi bubuwo dome. Eƒe moveviɖoɖo ɖe eƒe subɔsubɔdzixɔsewo ŋu wɔ dɔ ɖe edzi ŋutɔ—mekpea ŋu nɛ be yeƒe dzixɔsewo na yeto vo o. Nufialaa te ŋu kpɔ be womlã eƒe dzitsinya be wòte ŋu ‘dea vovototo nyui kple vɔ̃ dome.’ (Heb. 5:14) Mlɔeba ɖevia dada va srã nufiala la kpɔ eye wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, nufialaa xɔ nyɔnyrɔ eye wòva zu gbesiagbe mɔɖela!

4 Ðasefo aɖe ƒe agbenɔnɔ nyui wɔ dɔ ɖe ɖekakpuia aɖe si wo kplii wole suku ɖeka dzi. Nyɔnuvi sia ƒe nɔnɔme to vo kura—ebua ame ale gbegbe, edoa vevie nusɔsrɔ̃, eye wòdoa awu ɖe ɖoɖo nu ɣesiaɣi; eye eto vo na nyɔnuvi bubuwo kura, metsana le ŋutsuviwo dzi gbeɖe o. Ðekakpuia te ŋu kpɔe be enɔ agbe nɔm ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu. Ðekakpuia bia nyae tso eƒe subɔsubɔdzixɔsewo ŋu eye nusi wògblɔ nɛ la wɔ dɔ ɖe edzi. Edze nusɔsrɔ̃ gɔme, eye eteƒe medidi hafi wòxɔ nyɔnyrɔ o, eye mlɔeba eva wɔ mɔɖeɖedɔa eye wòsubɔ le Betel.

5 Ne Kristotɔ sɔhɛ si di be yeaɖi ɖase nyui na amewoe nènye la, ke lé ŋku ɖe wò agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa ŋu. Mègaŋlɔ ɖokuiwò be gbeɖe ne xexeame ƒe mɔɖeɖe ɖe nusianu ŋu, woƒe nukpɔsusuwo, alo agbenɔnɔ nadzro wò o. Ðo kpɔɖeŋu kɔkɔ le wò nuƒoƒo, awudodo, kple dzadzraɖo me, menye ne èle gbeadzi kple hamea ƒe kpekpewo me ko o ke ne èle suku kple ne èle modzaka ɖem hã. (Tim. I, 4:12) Anye dzidzɔ gã aɖe na wò ne ame aɖe va kpɔ dzidzɔ ɖe nyateƒea ŋu le esi ‘nèna wò kekeli la klẽ’ to wò agbenɔnɔ nyui dzi ta.—Mat. 5:16.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe