Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ Oct. 15
“Aleke nàɖe nusitae nu vɔ̃ɖi geɖe le dzɔdzɔm egbea mee na ɖeviwo alo na ame bubuwo? [Na wòaɖo eŋu.] Biblia ɖo nyabiabia si nye, ‘Amekae Le Megbe na Vɔ̃ɖinyenyewo Katã?’ la ŋu. [Xlẽ Yohanes I, 5:19.] Gbetakpɔxɔ sia akpe ɖe ŋuwò nànya amesi vɔ̃ɖitɔ ma nye kple alesi míate ŋu atsi tre ɖe eŋui.”
Nyɔ! Nov. 8
“Èsusu be subɔsubɔhakplɔlawo alo ame bubu aɖe ƒe gbedodoɖa ate ŋu ahe ŋutifafa ava xexeamea? [Na wòaɖo eŋu.] Biblia do ŋugbe be ɣeyiɣi aɖe ava si ŋutifafa anɔ xexeame katã. [Xlẽ Yesaya 9:5, 6.] Ède dzesii be dziɖula tɔxɛ aɖee ahe ŋutifafa ava xexeamea? Nyɔ! sia ɖe amesi dziɖula ma nye kple alesi wòahe ŋutifafa vavãtɔ vɛ me.”
Gbetakpɔxɔ Nov. 1
“Mía dometɔ geɖe dzea agbagba be ƒomedodo si me ŋutifafa le nanɔ mía kple amewo dome. Gake ɖewohĩ àlɔ̃ ɖe edzi be zi geɖe esia wɔwɔ menɔa bɔbɔe o. [Na wòagblɔ eƒe susu.] Biblia ɖe nusitae wòle nenema la me. [Xlẽ Yakobo 3:2.] Nyati sia ɖe alesi kukuɖeɖe ate ŋu anye mɔnu vevi si dzi woato adzra ame nɔewo dome ƒomedodo ɖo ahana ŋutifafa nanɔ anyii la fia.”
Nyɔ! Nov. 8
“Biblia ƒe nyagblɔɖi ɖee fia be ɣeyiɣi aɖe gbɔna si ame aɖeke magblɔ be ‘yele dɔ lém o.’ [Xlẽ Yesaya 33:24.] Ðe ema manyo ŋutɔ oa? [Na wòaɖo eŋu.] Gake egbea la, dɔléle geɖe le fu wɔm ameƒomea, si me AIDS dɔvɔ̃a hã le. Nyɔ! sia ɖo nyabiabia si nye, Ðe woatsi AIDS nu gbaɖegbea? la ŋu.”