Tsɔ Ðe Le Eme na Amewo—To Ŋkuléle Ðe Nu Ŋu Me
1 Yehowa Mawu kple Kristo Yesu koŋue te ŋu kpɔa amewo ƒe kuxiwo dzea sii henaa kpekpeɖeŋu wu ame bubu ɖesiaɖe. (Kron. II, 16:9; Mar. 6:34) Ne míede dzesi nusiwo me amesiwo míedoa goe le gbeadzisubɔsubɔdɔa me tsɔa ɖe le kple nusiwo ŋu wotsia dzi ɖo vevie la, ana be míate ŋu atrɔ asi le míaƒe nyanyui gbɔgblɔ mɔnuwo ŋu wòasɔ ɖe nɔnɔmea nu.
2 Lé Ŋku Ðe Nuwo Ŋu Nyuie: Yesu léa ŋku ɖe nu ŋu nyuie. (Mar. 12:41-43; Luka 19:1-6) Nenema ke le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la, ne míelé ŋku ɖe subɔsubɔnu siwo wotsɔ ɖo atsyɔ̃e na aƒe si me míege ɖo, kple nusiwo woŋlɔ ɖe ʋuwo dzi alo fefenu siwo le aƒea me ŋu nyuie la, míate ŋu anya alesi míagblɔ nyanyuiae wòaɖe vi.
3 Nɔnɔme si me ame aɖe le ate ŋu adze le alesi wòwɔ moe kple alesi wòle nu wɔmee me. (Lod. 15:13) Ðewohĩ ame vevi aɖe ku nɛ, alo nudzɔdzɔ bubu aɖe na eƒe dzi gbã eye wòhiã na akɔfafa. Mawunyakpukpui fakɔname aɖewo xexlẽ nɛ ate ŋu ana eƒe dzi nadze eme. (Lod. 16:24) Ðe aƒemenɔlaa le kplakplakpla dzi be yeado go le aƒea mea, alo ɖe wòkɔ vidzĩ si le avi fam ɖe asia? Ne nenemae la, ɖewohĩ anyo wu be míawɔ ɖoɖo atrɔ ayi ɣebubuɣi. Ne míeɖee fia be míebua ame ŋu eye be ‘ame ƒe nu wɔa nublanui na mí’ la, aʋã aƒemenɔlaa be wòaɖo to mí ne míetrɔ va.—Pet. I, 3:8.
4 Trɔ Ðe Nɔnɔmea Ŋu: Apostolo Paulo de dzesi vɔsamlekpui aɖe si woɖi na “Mawu, si womenya o” le Atene-dua me. Esia na be wòte ŋu trɔ asi le alesi wògblɔ nyanyuiae ŋu, eyata egblɔ be: “Nusi mienya o, hafi miele esubɔm la, eya ke gblɔm mele le mia fiam.” Alesi Paulo ƒo nu aɖaŋutɔe la na eƒe nya wɔ dɔ ɖe nyasela siwo nɔ afima la dometɔ aɖewo dzi be woɖo to Fiaɖuƒegbedasia eye wova zu xɔsetɔwo.—Dɔw. 17:23, 34.
5 Nenema kee ne míeléa ŋku ɖe nuwo ŋu nyuie la, akpe ɖe mía ŋu míade dzesi nusiwo me amewo tsɔ ɖe le, eye anɔ bɔbɔe na mí be míatrɔ asi le míaƒe ɖaseɖimɔnuwo ŋu wòasɔ ɖe nɔnɔmeawo nu. Zã nyabiase siwo anɔ bɔbɔe na aƒemenɔlaa be wòate ŋu aƒo nu faa. Di mawunyakpukpui siwo nàzã atsɔ adzi eƒe ɖetsɔlemea ɖe edzi. (Lod. 20:5) Ne míeléa ŋku ɖe nu ŋu nyuie hetsɔa ɖe le eme na amewo vavã la, akpe ɖe mía ŋu míabi ɖe nyanyuigbɔgblɔdɔa me nyuie.