Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Ðetsɔtsɔ Le Eme Na Amewo
Nu Si Ta Wòle Vevie: Yesu lɔ̃ amewo, eye wòtsɔ ɖe le eme na wo abe ame ɖekaɖekawo ene. Le kpɔɖeŋu me, gbe ɖeka esi Yesu di be yeada gbe le tokunɔ aɖe ŋu la, anya de dzesii be esia wɔwɔ le amewo dome akpe ŋu nɛ, eya ta ekplɔe do le ameha la dome hafi da dɔ nɛ. (Marko 7:31-35) Ebu eƒe nusrɔ̃lawo ŋu esi wòde dzesi afi si woƒe ŋutete se ɖo eye megblɔ nya geɖe na wo wu esi woate ŋu atsɔ o. (Yoh. 16:12) Esi Yesu trɔ yi dziƒo gɔ̃ hã la, egatsɔa ɖe le eme na amewo. (2 Tim. 4:17) Esi míenye Kristo yomedzelawo ta la, míedi be míasrɔ̃ eyama. (1 Pet. 2:21; 1 Yoh. 3:16, 18) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ne míebua aƒemenɔlaa ŋu hedea dzesi nɔnɔme si me wòle, nu siwo me wòtsɔ ɖe le kple eƒe kuxiwo la, míaƒe subɔsubɔdɔa atse ku wu. Ne ekpɔe be menye gbedeasia alo agbalẽ tsɔtsɔ na ye ta koe míevaa ye gbɔ o, ke boŋ míetsɔ ɖe le eme na ye vavã la, alɔ̃ faa aɖo to wu.
Te Esia Kpɔ Le Ɣletia Me:
Ne miele ƒometadedeagu wɔm, alo miele gbeadzi la, miwɔ wɔwɔfia siwo me wòahiã le be gbeƒãɖelaa natrɔ asi le eƒe dzeɖonyaa ŋu wòasɔ ɖe nya si aƒemenɔlaa gblɔ nu.
Ɣeaɖewoɣi la, nɔviŋutsu si akpɔ kpekpe na gbeadziyiyi dzi la nadzro ale si míaɖee afia be míetsɔ ɖe ele eme na amewo la me alo awɔ eƒe wɔwɔfia.