Nufiafia si Kplɔa Ame Yia Agbe Mee
1 Aleke gbegbe wòdea dzi ƒo enye si ne míekpɔ alesi amewo le dzidzɔ kpɔmee esi wova se nyateƒe si tso Mawu ƒe Nya la me gɔme! Le nyateƒe me la, dzidzɔ geɖe le Mawu ŋuti sidzedze kple eƒe tameɖoɖowo gbɔgblɔ na amewo me. Nufiafiadɔ sia kplɔa ame yia agbe mavɔ me.—Yoh. 17:3.
2 Nusita Wòƒo Ðesiaɖe Ta: Egbea, nufiafia ƒe mɔnuwo bɔ ŋutɔ. Wole nu fiam to mɔ ɖesiaɖe nu eye amewo le nu srɔ̃m tso nu ɖesiaɖe si ate ŋu ava susu me na wo ŋu. (Nyagb. 12:12) Gake womate ŋu atsɔ sidzedze si sua wo si la ƒe asixɔxɔ asɔ kple asixɔxɔ si le “Mawu ƒe nu dzɔtsuwo” ŋu o. (Dɔw. 2:11) Ðe xexeame ƒe nufiafia te ŋu tea ameƒomea ɖe Wɔla la ŋu alo nana wonyaa eƒe tameɖoɖoa? Ðe nufiafia ma kpe ɖe amewo ŋu wose nusi dzɔna ɖe mía dzi ne míeku kple nusitae xexeame yɔ fũ kple fukpekpe ɖo la gɔmea? Ðe wòna etsɔme mɔkpɔkpɔ nyui aɖe amewoa? Ðe nufiafia mawo kpe ɖe wo ŋu woƒe ƒomegbenɔnɔ nyo ɖe edzia? Ao. Ke boŋ Mawu ƒe nufiafia koe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ŋuɖoɖo siwo sɔ na agbe me biabia veviwo.
3 Mawu ƒe nufiafia nana nane si bu kura le xexeame egbea la sua ame si—eyae nye alesi wònana amesiwo wòfia nui la ƒe agbenɔnɔ nyona ɖe edzi. Mawu ƒe nufiafia ɖea ameƒomevinyenye kple toɖekametɔnyenye ƒe dada kpakple dulɔlɔ̃ ƒe gbɔgbɔ ɖa le amesiwo xɔ eƒe nufiafia de eme la ƒe dzi me. (Heb. 4:12) Eʋã amewo wogbe ŋutasesẽ nuwɔna ɖesiaɖe ƒomevi, eye ‘wodo amenyenye yeye la.’ (Kol. 3:9-11; Mixa 4:1-3) Hekpe ɖe eŋu la, Mawu ƒe nufiafia do ŋusẽ ame miliɔn geɖe wote ŋu ɖu nuwɔna kple nɔnɔme gbegblẽ siwo medzea Mawu ŋu o, siwo ƒo ke ɖe to sesĩe ɖe wo me, la dzi.—Kor. I, 6:9-11.
4 Nusita Wòhiã Kpata: Míaƒe Nufiala Gãtɔ na míese nusiwo le dzɔdzɔm fifia le míaƒe ɣeyiɣia me la gɔme. Ehiã fifia be míaɖe gbeƒã eƒe ʋɔnudrɔ̃gbedasi si wogblɔ ɖi le Biblia me la le anyigba bliboa dzi. (Nyaɖ. 14:6, 7) Kristo le fia ɖum le dziƒo, madidi o woatsrɔ̃ alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒea, eye Mawu ƒe Fiaɖuƒea le klalo fifia be yeatsrɔ̃ anyigba dzi dziɖuɖuwo katã. (Dan. 2:44; Nyaɖ. 11:15; 17:16) Eyata ehiã kpata be amewo nava nɔ Mawu ƒe Fia si le dzi ɖum fifia ƒe akpa dzi, be woado go le Babilon Gã la me, eye be woato woƒe agbenɔnɔ me aɖee afia be yewoxɔ Yehowa dzi se. (Ps. 2:11, 12; Rom. 10:13; Nyaɖ. 18:4) Mina míatsɔ míaƒe ŋutete katã akpɔ gome le nufiafia si kplɔa ame yia agbe mee la tsɔtsɔ yi na amewo me.