Tsɔ Ðe Le Eme na Amewo—To Nyawo Biabia Kple Toɖoɖo Wo Me
1 Ame geɖe medina dzeɖoɖo si me ame ɖeka nanɔ nu ƒom fũ eye maɖe mɔ be yewoagblɔ yewoƒe nukpɔsusu o. Eyata abe Kristotɔ subɔlawo ene la, ehiã be míasrɔ̃ alesi míade dzi ƒo na amewo be woagblɔ woƒe nukpɔsusu to nya biabia wo dzi.—Lod. 20:5.
2 Ele be míaƒe nyabiaseawo nadze to ahana amewo naƒo nu faa, ke menye be woana woaxaxa le wo ɖokui me o. Nɔviŋutsu aɖe si nɔ gbeƒã ɖem tso aƒeme yi aƒeme biana aƒemenɔlaa be: “Ðe nèsusu be ɣeyiɣi aɖe ava esime amesiame ade bubu kple asixɔxɔ nɔvia ŋua?” Le alesi amea ɖo nyaa ŋui nu la, eyia edzi gblɔna be, “Nukae nèbu be ahiã hafi wòate ŋu ava eme?” alo “Nukae na nèse le ɖokuiwò me nenema?” Ne nɔviŋutsu bubu aɖe hã le vomeɖase ɖim, alo le gbeƒã ɖem le dutoƒo la, ebiana dzilawo be, “Nuka koŋue doa dzidzɔ na wò le vi ƒe amesinɔnɔ ŋu?” Eyia edzi biana be, “Nukawo ŋue nètsia dzi ɖo wu?” De dzesii be nyabiase siawo ʋu mɔ na ameawo be woagblɔ woƒe nukpɔsusuwo faa. Gake esi wònye be nɔnɔme vovovowoe míedoa goe ta la, ahiã be míatrɔ asi le nya siwo míabia kple alesi míabia woe ŋu be wòasɔ na amesiwo ŋu míekena ɖo le míaƒe anyigbamamaa me.
3 Kpe Ðe Amewo Ŋu Woaƒo Nu Faa: Ne amewo lɔ̃ faa le woƒe nukpɔsusuwo gblɔm la, mahiã be míatso nya ɖe wo nu madzemadzee o, ke boŋ míaɖo to wo dzigbɔɖitɔe. (Yak. 1:19) Ðe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe woƒe nyagbɔgblɔwo ŋu vividoɖeameŋutɔe. (Kol. 4:6) Àte ŋu agblɔ ko be: “Nya nyui aɖee ma. Meda akpe na wò be ègblɔ nya siawo nam.” Kafu wo alesi dze. Tsɔ ameŋububu bia nya bubu siwo akpe ɖe ŋuwò nànya susu si tae wogblɔ nya mawo kple nusitae wose le wo ɖokui me nenema ɖo. Di nya siwo dzi mialɔ̃ ɖo. Ne èdi be yeahe ameawo ƒe susu ayi mawunyakpukpui aɖe dzi tẽ la, àte ŋu agblɔ be, “Ðe nèbu nya siawo hã ŋu kpɔa?” Ekema nàxlẽe nɛ. Tsri tɔteteɖenyadzi alo nyaʋiʋli.—Tim. II, 2:24, 25.
4 Ne míeɖo to amewo nyuie ko hafi woawo hã woawɔ nu ɖe míaƒe nyabiasewo ŋu nyuie. Amewo ate ŋu anya nenye be míele to lém ɖe woƒe nyawo ŋu ŋutɔŋutɔ. Dzikpɔla mɔzɔla aɖe gblɔ be: “Ne míelɔ̃ faa ɖoa to amewo dzigbɔɖitɔe la, edzɔa dzi na wo ŋutɔ eye esia nye ɖetsɔleme vavãtɔ ɖeɖe fia.” Toɖoɖo amewo nyea bubu dede wo ŋu, eye ate ŋu ana woawo hã woaɖo to nyanyui si le mía si.—Rom. 12:10.