Alesi Míadze Nusɔsrɔ̃ Gɔme le Biblia ƒe Nufiafia Gbalẽa Me
Adzɔ dzi na mía dometɔ geɖe be míawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kple amewo; gake egɔmedzedzee nyea kuxia. Agbalẽ yeye si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ate ŋu akpe ɖe mía ŋu. Wotrɔ asi le agbalẽa ƒe ŋgɔdonya si le axa 3-7 lia ŋu be wòakpe ɖe mía ŋu be míana aƒemenɔlaa nalɔ̃ faa míaɖo dze tso Biblia me. Anɔ bɔbɔe na amesiwo si nuteƒekpɔkpɔ geɖe mesu o gɔ̃ hã be woazãe atsɔ adze nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme kple amewo.
◼ Àte ŋu azã axa 3 lia atsɔ ate dzeɖomɔnu sia kpɔ:
Ne èƒo nu tso nudzɔdzɔ aɖe si dze le nyadzɔdzɔwo me alo kuxi aɖe si ŋu amewo tsi dzi ɖo le anyigbamamaa me ŋu vɔ la, he aƒemenɔlaa ƒe susu yi nyabiase siwo le axa 3 lia, si woŋlɔ kple nuŋlɔtsi toto, la dzi eye nàbia eƒe nukpɔsusu le nyabiaseawo ŋu. Emegbe ʋu axa 4-5 nàtsɔ ayi dzeɖoɖoa dzi.
◼ Alo àte ŋu aƒo nu tso nusiwo dze le axa 4-5 ŋu atsɔ adze dzeɖoɖo gɔmee:
Àte ŋu agblɔ be, “Ðe mado dzidzɔ na mí ŋutɔ ne nusiwo dze le nɔnɔmetata siawo me la va eme ŋutɔŋutɔ oa?” Alo àte ŋu abia be, “Ŋugbedodo siawo dometɔ ka me vavae ado dzidzɔ na wò?” Lé to ɖe eƒe nyaŋuɖoɖoa ŋu nyuie.
Ne aƒemenɔlaa tsɔ ɖe le mawunyakpukpuiawo dometɔ aɖe koŋ me la, ekema dzro agbalẽa ƒe memama siwo ɖe mawunyakpukpui ma me la me kplii nàtsɔ afiae nusi Biblia gblɔ tso nya ma ŋu. (Kpɔ aɖaka si le emedegbalẽvia ƒe axa sia.) Dzro memamaawo me abe alesi ko míewɔa Biblia nusɔsrɔ̃e ene. Àte ŋu awɔ esia le miniti atɔ̃ alo ewo ko me, le yiyi zi gbãtɔa me, le ʋɔtru nu kura gɔ̃ hã.
◼ Mɔnu bubu enye be nàzã nya siwo le axa 6 lia atsɔ ade dzi ƒo na amea be wòaƒo nu faa:
He aƒemenɔlaa ƒe susu yi nyabiase siwo dze le axa ma ƒe memamawo te la dzi, eye nàbiae be, “Ðe nèbia nya siawo tɔgbe ɖokuiwò kpɔa?” Ne amea tsɔ ɖe la nyabiase siawo dometɔ aɖe me la, he eƒe susu yi agbalẽa ƒe memama siwo ɖe nyabiasea me la dzi. (Kpɔ aɖaka si le emedegbalẽvia ƒe axa sia.) Ne miele nyawo me dzrom ɖekae alea la, ekema Biblia-nusɔsrɔ̃ koe nye ma wɔm nèle.
◼ Axa 7 lia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàfia amewo alesi míewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃e:
Xlẽ fli ene gbãtɔawo me nya siwo le axa ma ƒe gɔmedzedze, eye emegbe ʋu agbalẽa ƒe ta 3 lia, eye nàzã memama 1-3 atsɔ afia aƒemenɔlaa alesi míewɔa nusɔsrɔ̃e. Wɔ ɖoɖo kplii be miava dzro nyabiase siwo dze le memama 3 lia me ƒe ŋuɖoɖowo me emegbe.
◼ Alesi Nàwɔ Ðoɖo ɖe Trɔtrɔyi Wɔwɔ Ŋu:
Ne miele nusɔsrɔ̃ gbãtɔa nu wum la, wɔ ɖoɖo kplii be miava yi nusɔsrɔ̃a dzi ɣebubuɣi. Àte ŋu agblɔ kpuie be: “Le miniti ʋɛ siawo ko me la, míesrɔ̃ nusi Biblia fia le nyati vevi sia ŋu. Ne megava la, míava dzro nyabiase sia me [bia nya aɖe si me miava dzro ɣebubuɣi]. Taflatse, ne metrɔ va egbe aleawo gbea, anyo na wòa?”
Esi Yehowa ƒe ɣeyiɣi ɖoɖia le aƒe tum la, eyi edzi le dɔwɔnu siwo hiã na gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ la nam mí. (Mat. 28:19, 20; Tim. II, 3:17) Mina míazã dɔwɔnu nyui sia atsɔ adze Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme.
[Aɖaka si le axa 3]
Afisiwo Wodzro Ŋɔŋlɔ Siwo Dze le Axa 4-5 lia Me Le
◻ Nyaɖeɖefia 21:4 (axa 27-8, mm. 1-3)
◻ Yesaya 33:24; 35:5, 6 (axa 36, mm. 22)
◻ Yohanes 5:28, 29 (axa 72-3, mm. 17-19)
◻ Psalmo 72:16 (axa 34, mm. 19)
Afisiwo Woɖo Nyabiase Siwo le Axa 6 lia Ŋu Le
◻ Nukata míekpea fu? (axa 108, mm. 6-8)
◻ Aleke míawɔ anɔ te ɖe agbemedzimaɖitsitsiwo nu? (axa 184, mm. 1-3)
◻ Aleke míawɔ ana dzidzɔ geɖe wu nanɔ míaƒe ƒomea me? (axa 143, mm. 20)
◻ Nɔnɔme ka mee amesiwo ku la le? (axa 58, mm.5-6)
◻ Ðe míagate ŋu akpɔ míaƒe ame vevi siwo ku la akea? (axa 72, mm. 17-19)
◻ Aleke míawɔ aka ɖe edzi be Mawu ana eƒe ŋugbedodowo nava eme? (axa 24, mm. 17)