Na Amewo Nanya Ŋusẽ Si Le Mawu Ƒe Nyaa Ŋu Le Wò Subɔsubɔdɔa Me
Ne ame aɖe lɔ̃ be míagblɔ nya nyuia na ye la, míewɔa mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ nyuie tsɔ ɖea ŋusẽ si le Mawu ƒe Nyaa ŋu ɖe go nenye be míexlẽ mawunyakpukpuiwo tso Biblia la ŋutɔ me tẽe. Wote gbe ɖe esia dzi na mí le ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ si míewɔ le ƒe si va yi me. Nutome sue dzikpɔla ƒo nuƒo si ƒe tanyae nye “Na Amewo Nanya Ŋusẽ Si Le Mawu Ƒe Nyaa Ŋu Le Wò Subɔsubɔdɔa Me.” Èɖo ŋku nya veviawo dzia?
Nu ka tae ŋusẽ le Yehowa ƒe nyawo ŋu wu míaƒe nyawo?—2 Tim. 3:16, 17.
Mɔ ka nue Biblia ƒe nyawo ʋãa ame, ɖɔa ame ƒe susu ɖo, nana ame ƒe dzimesusuwo dzana, eye wònana ame ƒe agbenɔnɔ nyona le?—Kpɔ Gbetakpɔxɔ, June 15, 2012, axa 27, mm. 7.
Ne míele mawunyakpukpui aɖe xlẽm le gbeadzi la, aleke míahe susu ayi Mawu ƒe Nya la dzi le mɔ si ana woade bubu eŋu nu?—Kpɔ Subɔsubɔ Suku gbalẽa, axa 148, mm. 3-4 kple March 2013 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, axa 6, mm. 8.
Nu ka tae wòle vevie be ne míexlẽ mawunyakpukpui aɖe la, míaɖe eme ahadzro eme kple amea? Eye aleke míate ŋu awɔ esia?—Dɔw. 17:2, 3; kpɔ Subɔsubɔ Suku gbalẽa, axa 154, mm. 3 va se ɖe axa 156, mm. 3.