Àdze Biblia Nusɔsrɔ̃ Yeye Gɔme Le October Mea?
1. Agbalẽ kawoe míana le October me?
1 Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawoe míana le October. Be míatu ɖetsɔleme si ame aɖe ɖe fia ɖo la, wode dzi ƒo na mí be míanae trakt si nye Àdi Be Yeanya Nyateƒe Laa?, eye míadze agbagba adze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme kplii. Aleke míate ŋu wɔ esia ne míetrɔ yi amea gbɔ?
2. Aleke míate ŋu azã Nya Nyateƒe La ƒe trakt la atsɔ adze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme ne míetrɔ yi ame aɖe si xɔ magazinewo la gbɔ?
2 Ale Si Míazã Trakt Sia: Míate ŋu agblɔ na aƒemenɔlaa be: “Magazine siwo megblẽ ɖe gbɔwò la de dzi ƒo ame ƒomevi ɖe sia ɖe kple subɔsubɔha ɖe sia ɖe me tɔwo be woadzro Biblia me. [Tsɔ Nya Nyateƒe La ƒe trakt la na aƒemenɔlaa, eye nàhe eƒe susu ayi nyabiase siwo le akpaa dzi la dzi.] Nyabiase wɔdɔɖeamedzi aɖewoe nye esiawo, eye Biblia na woƒe ŋuɖoɖo siwo faa akɔ na ame. Èbia wo dometɔ aɖewo ɖokuiwò kpɔa?” Ne aƒemenɔlaa ɖo nyaa ŋu na wò la, mia kplii midzro eƒe nyabiaseawo dometɔ ɖeka ƒe ŋuɖoɖo me le trakt la me, eye miaxlẽ mawunyakpukpui siwo woyɔ la dometɔ ɖeka. Eye nàɖe eme nɛ be, nu si Biblia fia la ƒe kpɔɖeŋu sue aɖe koe nye esia, eye nàtsɔ Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa ɖeka nɛ. Azɔ míate ŋu aʋu emenyawo fiae ne wòatia tanya ɖeka, eye mía kplii míadzro eƒe memama gbãtɔawo me. Alo míate ŋu atrɔ ɖe agbalẽa ƒe akpa aɖe si na numeɖeɖe geɖe wu tso nu si me míedzro kplii le trakt la me ŋu. Agbalẽa ƒe axa siwo míate ŋu azã la dometɔ aɖewoe nye esiwo gbɔna:
● Ðe Mawu tsɔa ɖe le eme na mí vavãa? (axa 9-11, mm. 6-10)
● Ðe aʋawɔwɔ kple fukpekpe nu ava yi gbe aɖe gbea? (axa 12, mm. 12-13)
● Nu kae dzɔna ɖe ame siwo ku la dzi? (axa 59-60, mm. 7-8)
● Ðe mɔkpɔkpɔ aɖe gali na kukuawoa? (axa 71, mm. 13-15)
● Aleke wòle be mado gbe ɖa hafi Mawu nasee? (axa 166-167, mm. 5-8)
● Aleke mawɔ akpɔ dzidzɔ le agbe me? (axa 9, mm. 4-5)
3. Mɔ vovovo kawo nue míate ŋu akpe ɖe aƒemenɔlaa ŋu le, le ale si nɔnɔmeawo ɖe mɔe nu?
3 Ke hã, ne nɔnɔmeawo meɖe mɔ be míadze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple aƒemenɔlaa le Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa me le tɔtrɔyi gbãtɔa me ahafiae ale si míewɔa Biblia nusɔsrɔ̃ kple amewo o gɔ̃ hã la, míate ŋu awɔ ɖoɖo kplii be míagatrɔ ava emegbe ayi numedzodzroa dzi. Eye le ɖetsɔleme si amea ɖe fia nu la, míate atiae be míadzro nyabiase eve alo esi wu nenema me kplii le tɔtrɔyi siwo míawɔ akplɔe ɖo la me, hafi ava dze agbalẽa sɔsrɔ̃ gɔme kplii. Neva eme be míawɔ dɔwɔnu nyui sia si míate ŋu azã le mɔ vovovowo nu la ŋu dɔ le October me atsɔ adze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple dzianukwaretɔwo ahakpe ɖe wo ŋu be ‘woadze si nyateƒe la.’—Yoh. 8:31, 32.