INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/06 axa 1
  • Dzinɔameƒotɔwo Kple Ŋutifafamewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dzinɔameƒotɔwo Kple Ŋutifafamewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Minɔ Anyi Kple Amewo Katã Le Ŋutifafa Me”
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • ‘Di Ŋutifafa Eye Nàti Eyome’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Èɖea Gbeƒã Dzideƒotɔea?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Ŋuɖɔɖɔɖo Kple Tenɔnɔ Sesĩe
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
km 11/06 axa 1

Dzinɔameƒotɔwo Kple Ŋutifafamewo

1 Ame siwo míeɖea gbeƒã na la dometɔ geɖe ɖea dzixɔse siwo me wolé ɖe asi vevie la gblɔna, gake dzixɔse siawo mesɔ ɖe Biblia me nyateƒea nu o. Togbɔ be ele be míaɖe gbeƒã dzinɔameƒotɔe hã la, míedina hã be “[míanɔ] anyi kple amewo katã le ŋutifafa me,” eye míaƒo asa na dzikudodo na amewo dzodzro. (Rom. 12:18; Dɔw. 4:29) Aleke míawɔ anye dzinɔameƒotɔwo kple ŋutifafamewo le ɣeyiɣi ɖeka ma ke me ne míele Fiaɖuƒegbedasia gblɔm?

2 Di Nya Siwo dzi Mia Kple Aƒemenɔlaa Mialɔ̃ Ðo: Gbɔgblɔ na aƒemenɔla aɖe kaŋ be dzixɔse siwo me wòlé ɖe asi vevie la menye nyateƒe o la mana wòalɔ̃ aɖo to mí o. Ne egblɔ nya aɖe si mesɔ o la, ɖewohĩ míate ŋu ado nya aɖe ɖa si dzi mía kplii míelɔ̃ ɖo. Ne míehe eƒe susu yi mía kplii ƒe dzixɔse aɖe si wɔ ɖeka dzi la, míate ŋu aɖe nukpɔsusu masɔmasɔ ɖe sia ɖe si anɔ esi ɖe mía ŋu la ɖa, eye míaƒe nyaa ate ŋu ade eƒe dzi gbɔ.

3 Ne aƒemenɔla aɖe ɖe nukpɔsusu masɔmasɔ aɖe gblɔ, gake míegblɔe nɛ kaŋ be aʋatsoe o la, ɖe wòfia be míelɔ̃ ɖe eƒe nyaa dzi, alo be míele tsi tɔm nyateƒea? Ao. Menye dɔ si wode mí Kristotɔ subɔlawo si lae nye be míatsi nya ɖe amewo nu le nukpɔsusu masɔmasɔ ɖe sia ɖe si míado goe la ŋu o, ke boŋ be míaɖe gbeƒã Mawufiaɖuƒe ŋuti nyanyuia. (Mat. 24:14) Mehiã be míawɔ nu wòagbɔ eme ne ame aɖe ɖe nukpɔsusu masɔmasɔ aɖe gblɔ o, ke ele be eƒe nyaa nakpe ɖe mía ŋu míanya nu siwo dzi wòxɔ se la boŋ.—Lod. 16:23.

4 De Bubu Amea Ŋu: Ehiãna ɣeaɖewoɣi be dzi nanɔ mía ƒo, eye míawɔ nu kalẽtɔe le nukoklo le alakpanufiafiawo ŋu me. Gake esi míenye ŋutifafamewo ta la, míeɖua fewu le amewo ŋu, alo gblɔa nya tsɔ daa ame siwo xɔ alakpanufiafiawo dzi se hefiana wo la ɖe anyi o. Eɖeɖefia aƒemenɔlaa be míenya nu wui la ana wòagbe nyaa sese, gake ɖokuibɔbɔ kple dɔmenyonyo aʋu nyateƒea lɔ̃lawo ƒe dzi. Ne míedea bubu ame siwo míeɖea gbeƒã na kple woƒe dzixɔsewo ŋu la, wokpɔnɛ dzea sii, eye esia nana wònɔa bɔbɔe na wo be woaxɔ míaƒe gbedasia.

5 Apostolo Paulo bu ame siwo wòɖe gbeƒã na la ƒe dzixɔsewo ŋu, eye wòdze agbagba gblɔ nyanyuia le mɔ si aʋã woƒe dzi la nu. Egblɔ be: “Amewo katã mezu nusianu na, bene maɖe wo dome ame aɖewo kokoko.” (Kor. I, 9:22) Míawo hã míate ŋu alɔ̃ faa alea ne míewɔa nu kple amewo le ŋutifafa me le gbeƒãɖeɖe nyanyuia me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe