INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/12 axa 1
  • “Minɔ Anyi Kple Amewo Katã Le Ŋutifafa Me”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Minɔ Anyi Kple Amewo Katã Le Ŋutifafa Me”
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me​—Wɔ Nu Ðe Aƒemenɔla Si Do Dziku La Ŋu Nyuie
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
  • Dzinɔameƒotɔwo Kple Ŋutifafamewo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Kpe Ðe Aƒemenɔlaa Ŋu Be Wòade Ŋugble
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Wɔ Ðe Sikasededea Dzi Le Gbeƒãɖeɖedɔa Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
km 12/12 axa 1

“Minɔ Anyi Kple Amewo Katã Le Ŋutifafa Me”

1. Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo ka dzie wòle be míawɔ ɖo ne míedo go aƒemenɔla siwo do dziku?

1 Yehowa ƒe amewo lɔ̃a ŋutifafa, eye míaƒe subɔsubɔdɔa nye ŋutifafadɔ. (Yes. 52:7) Gake ɣeaɖewoɣi la, míedoa go ame siwo doa dziku le esi míeyi wo gbɔ ta. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míawɔ nu tufafatɔe le nɔnɔme mawo tɔgbi me?—Rom. 12:18.

2. Nu ka tae wòle vevie be míase ameawo ƒe nɔnɔmewo gɔme?

2 Se Ameawo Ƒe Nɔnɔmewo Gɔme: Togbɔ be ame aɖewo doa dziku le esi wotsi tsitre ɖe nyateƒea ŋu ta hã la, ame bubuwo ya ate ŋu ado dziku le susu bubu aɖe si medo ƒome kple míaƒe gbedeasia o ta. Ðewohĩ míeyi wo gbɔ le ɣeyiɣi si mesɔ na wo o dzi. Aƒemenɔla aɖe ate ŋu ado dziku le eya ŋutɔ ƒe kuxiwo ta. Ne nya nyui la tae wòdo dziku ɖo gɔ̃ hã la, ele be míaɖo ŋku edzi be anɔ eme be esi wokplɔe tra tae wòwɔ nu nenema ɖo. (2 Kor. 4:4) Ne míese eƒe nɔnɔmea gɔme la, akpe ɖe mía ŋu míaɖu mía ɖokui dzi eye míabui be míawo ŋutɔ ŋue wòdo dzikua ɖo o.—Lod. 19:11.

3. Aleke míate ŋu ade bubu aƒemenɔlaa ŋui?

3 De Bubu Wo Ŋu: Anyigbamamaa me tɔ geɖewo lé woƒe dzixɔsewo me ɖe asi goŋgoŋ. (2 Kor. 10:4) Gome le wo si be woatiae ne woaɖo to loo alo womaɖo to o. Míadi gbeɖe be míaɖi gbɔ aƒemenɔlaa ƒe dzixɔsewo alo ana wòase le eɖokui me be míenya Biblia wui o. Ne wobia tso mía si be míadzo la, ele be míawɔ ɖe edzi bubutɔe.

4. Nu kae wòfia be dze nanɔ míaƒe nuƒoƒo me?

4 Dze Nenɔ Wò Nuƒoƒo Me: Ne aƒemenɔlaa meƒo nu na mí nyuie o gɔ̃ hã la, ele be míaƒo nu tufafatɔe eye dze nanɔ eme. (Kol. 4:6; 1 Pet. 2:23) Mele be míahe nya kple amea o, ke boŋ anyo be míadi nu si me mía kplii ƒe susu wɔ ɖeka le. Ðewohĩ míate ŋu abia aƒemenɔlaa ŋuɖɔɖotɔe be susu ka tae medi be yease nyaa o hã. Gake be míagana amea ƒe dzikua nafla ɖe edzi o la, ɣeaɖewoɣi la, anyo wu be míagadze agbagba be míayi dzeɖoɖoa dzi o.—Lod. 9:7; 17:14.

5. Ne míewɔ nu tufafatɔe le gbeadzi la, viɖe kawoe dona tso eme?

5 Ne míewɔ nu le ŋutifafa me la, aƒemenɔlaa ate ŋu aɖo ŋku ale si míewɔ nu ɖe eŋui dzi eye wòaɖo to ne wotee kpɔ ɣebubuɣi be woaɖi ɖase nɛ. (Rom. 12:20, 21) Ne amea gatsi tsitre ɖe nyaa ŋu vevie gɔ̃ hã la, gbe ɖeka la, ate ŋu ava zu mía nɔvi. (Gal. 1:13, 14) Amea ɖatsɔ ɖe le nyateƒea me alo metsɔ ɖe le eme o, ne míeɖu mía ɖokui dzi eye míewɔ nu tufafatɔe la, míade bubu Yehowa ŋu eye míaɖo atsyɔ̃ na míaƒe nufiafia.—2 Kor. 6:3.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe