INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/07 axa 1
  • Yehowa Subɔsubɔ Ðekae Le Ƒomea Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowa Subɔsubɔ Ðekae Le Ƒomea Me
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðoɖo Aɖe Si Le Kpekpem Ðe Ƒomewo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Alesi Ƒomea Awɔ Nu Ðekae Ahakpɔ Gome Bliboe—Le Gbeadzisubɔsubɔdɔa Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Alesi Woatu Ƒome Ðo Be Wòasẽ Ŋu Le Gbɔgbɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Ƒomea Ameƒomea ƒe Nuhiahiã Vevi Aɖee!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
km 8/07 axa 1

Yehowa Subɔsubɔ Ðekae Le Ƒomea Me

1 Le Biblia ŋlɔɣi la, ƒomewo wɔa nu geɖe ɖekae. Wowɔa aƒemedɔwo ɖekae gbe sia gbe, eye vevietɔ wowɔa ɖeka subɔa Yehowa. (Mose III, 10:12-14; Mose V, 31:12) Egbea le teƒe geɖewo la, dɔ ʋɛ aɖewo ko ƒomea me tɔwo wɔna ɖekae. Ke hã, Kristotɔwo kpɔa nuwɔwɔ ɖekae le ƒomea me ƒe vevienyenye dzea sii, vevietɔ le subɔsubɔnyawo me. Aleke gbegbe wòadzɔ dzi na ƒomea Gɔmeɖoanyila la be wòakpɔ ƒomewo woanɔ esubɔm ɖekae nye esi!

2 Miɖe Gbeƒã Ðekae: Dɔwɔwɔ ɖekae le nya nyui gbɔgblɔ dɔa me doa ŋusẽ ƒomekadodowo. Eya ta tsɔ kpe ɖe gbeadzidede kple hamea me tɔwo ŋu la, hamemetsitsi anɔ gome kpɔm le ɖaseɖiɖidɔa me kple srɔ̃a kpakple viawo hã edziedzi. (Tim. I, 3:4, 5) Togbɔ be dzikpɔla mɔzɔlawo mevona kura o hã la, woawo gɔ̃ hã dia ɣeyiɣi wɔa dɔ kple wo srɔ̃wo le gbeadzisubɔsubɔdɔa me.

3 Dzila siwo kplɔa wo viwo yia gbeadzi ate ŋu akpe ɖe wo ŋu be woawɔ ŋgɔyiyi le nya nyui gbɔgblɔ dɔa me. Esia naa ɖeviwo léa ŋku ɖe ale si wo dzilawo kpɔa dzidzɔ kple dzidzeme le dɔ sia wɔwɔ mee ŋu, eye wokpɔa ale si wo dzilawo ɖea lɔlɔ̃ si le wo si na Yehowa kple wo haviwo fianae la hã. (Mose V, 6:5-7) Vevienyenye si le esia wɔwɔ ŋu dzi meɖena kpɔtɔ ne ɖeviwo le tsitsim o. Atsu kple asi aɖe siwo si vi etɔ̃ siwo xɔ tso ƒe 15 va se ɖe 21 le yi edzi wɔ dɔ kple wo viwo le gbeadzisubɔsubɔdɔa me edziedzi. Vifofoa gblɔ be: “Míefiaa nane wo ɣesiaɣi godoo. Eye míekpɔa egbɔ be nu si míefiaa wo la doa dzidzɔ na wo hedea dzi ƒo na wo.”

4 Midzra Ðo Ðekae: Ƒomewo kpɔe be eɖea vi ŋutɔ ne yewodzra ɖo ɖe subɔsubɔdɔa ŋu ɖekae. Zi geɖe la, wɔwɔfia siwo me ƒomea me tɔwo nɔa wɔwɔfiawɔla kple aƒemenɔla ƒe wɔƒewo ɖɔlim le la dzɔa dzi na ɖeviwo ale gbegbe. Ame aɖewo zãa miniti ʋɛ aɖewo le ƒomenusɔsrɔ̃a ƒe nuwuwu tsɔ wɔa esiae.

5 Míaƒe dzidzɔ dzina ɖe edzi ne mía kple míaƒe ame veviwo míekpɔ gome le dɔ vevi siwo naa dzidzeme ame la wɔwɔ me ɖekae. Aleke wòvivinae nye esi ne ƒomea me tɔwo wɔ dɔ ɖekae le gbeadzisubɔsubɔdɔa me tso aƒe me yi aƒe me, le tɔtrɔyiwo kple Biblia nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ siaa me! Ne mia kple wò ƒomea miesubɔa Yehowa ɖekae alea la, àte ŋu agblɔ kple dzidzɔ be: “Mía kple nye aƒe ya míasubɔ Yehowa!”—Yos. 24:15.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe