INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/07 axa 6
  • Nutome Sue Takpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nutome Sue Takpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nutome Sue Takpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Nutome Sue Takpekpe ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Nutome Sue Takpekpe Si Akpe Ðe Mía Ŋu Míakpɔ Míaƒe Gbɔgbɔmemenyenye Ta
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Nutome Sue Takpekpe ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
km 11/07 axa 6

Nutome Sue Takpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye

Yehowa dze na kafukafu. Aleke míekafua Yehowae? Kuxi kawoe ame aɖewo doa goe le esia wɔwɔ me? Yayra kawoe ame siwo kafua Mawu fifia la kpɔna? Ƒe 2008 subɔsubɔƒea ƒe nutome sue takpekpea ana nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖo nyuiwo mí. Eƒe tanyae nye: “Miwɔ Nuwo Katã Hena Mawu Ƒe Kafukafu.” (Kor. I, 10:31) Bu gbɔgbɔmenufiame gbogbo siwo wodzra ɖo ɖi na mí le ŋkeke eve takpekpe si gbɔna me la ŋu kpɔ!

Nutome gã dzikpɔla aƒo nu tso tanya siwo nye “Nu Ka Tae Wòle Be Míakafu Mawu?” kple “Ðo Kpɔɖeŋu Nyuiwo Le Mawu Ƒe Nudidiwo Gbɔ Ðoɖo Me.” Aƒo dutoƒonuƒo si ƒe tanyae nye, “Ame Kawoe Nye Ame Siwo Le Ŋutikɔkɔe Tsɔm Na Mawu?” kple nuƒo mamlɛ si ƒe tanyae nye, “Míewɔ Ðeka Le Mawu Kafum Le Xexea Me Godoo.” Akpɔ Teokrasi Subɔsubɔ Sukua hã dzi. Nutome sue dzikpɔla aƒo nuƒo siwo ƒe tanyawoe nye “Kpɔ Dzidzɔ Le Mawu Ƒe Ŋutikɔkɔe Ðeɖe Fia Me,” “Nutome Suea Ƒe Nuhiahiãwo Gbɔ Kpɔkpɔ,” kple “Yi Edzi ‘Nàli Ke Sesĩe Le Nyateƒe La Me,’” si wotu ɖe Petro II, 1:12 dzi. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míase nu tso ale si “Mɔɖeɖedɔa Wɔwɔ Hea Kafukafu Vanɛ Na Mawu” la ŋu. Woaƒo nuƒo kpui ʋãme eve, eye gbãtɔ si ƒe tanyae nye “Kafukafu Tsɔtsɔ Na Mawu Le Míaƒe Agbenɔnɔ Ƒe Akpa Sia Akpa” la adzro gɔmesese deto si le nya siwo tso gbɔgbɔ me siwo dze le Korintotɔwo I, 10:31 me la me. Nuƒo kpui si ƒe tanyae nye “Subɔsubɔ Kɔkɔe Tsɔtsɔ Na Yehowa Hena Eƒe Kafukafu” aƒo nu tso míaƒe tadedeagu ƒe akpa vovovoawo ŋu. Le Kwasiɖagbe la, míadzro gbe sia gbe mawunyakpukpuia me, eye woato Gbetakpɔxɔ nusɔsrɔ̃a ɖe eme na mí. Woawɔ ɖoɖo ɖe nyɔnyrɔxɔxɔ hã ŋu.

Ameƒomea me tɔ akpa gãtɔ gbe lɔlɔ̃ ɖe Mawu ƒe anyinɔnɔ dzi. Amegbetɔwo ƒe ɖoɖowo xɔ ame geɖewo ƒe susu me ale gbegbe be wometea ŋu dea ŋugble le Yehowa ƒe gãnyenye ŋu o. (Yoh. 5:44) Gake míeka ɖe edzi be viɖe le ɣeyiɣi didi atsɔ ade ŋugble le ale si ‘Míawɔ Nuwo Katã Hena Mawu Ƒe Kafukafu’ ŋu me. Wɔ ɖoɖo be nàte ŋu ade takpekpea eye nàkpɔ gome le eƒe akpa eneawo katã me bliboe.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe