INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/08 axa 5
  • Nutome Sue Takpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nutome Sue Takpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðoɖo Aɖe Si Wowɔ Na Subɔla Kristotɔwo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Nutome Sue Takpekpe ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Nutome Sue Takpekpe Si Akpe Ðe Mía Ŋu Míakpɔ Míaƒe Gbɔgbɔmemenyenye Ta
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Nutome Sue Takpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
km 11/08 axa 5

Nutome Sue Takpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye

Aleke wòanya wɔ be míanɔ te sesĩe ɖe ame siwo tsia tsitre ɖe tadedeagu vavã ŋu kutɔkutɔe la nu? Aleke míawɔ aɖu nu siwo Satana zãna tsɔ dzea agbagba be yeaƒoe ɖe mía nu míagbugbɔ ayi xexe mavɔ̃mawu la me dzi? Míase nyabiase vevi mawo ƒe ŋuɖoɖowo le ƒe 2009 ƒe nutome sue takpekpea me. Eƒe tanyae nye: “Yi Edzi Nàtsɔ Nu Nyui Anɔ Nu Vɔ̃ɖi Dzi Ðum.” (Rom. 12:21) Na míakpɔ nu nyui siwo wodzra ɖo ɖi na mí la ɖa.

Nutome gã dzikpɔlaa aƒo nuƒo siwo ƒe tanyawoe nye, “Wodo Ŋusẽ Mí Be Míatsɔ Nu Nyui Aɖu Nu Vɔ̃ɖi La Dzi,” “Kpɔ Nyuie Le Kakaɖeameɖokuidzi Fũu Akpa Ŋu!,” “Nu Vɔ̃ɖi Wɔwɔwo Katã Nu Ayi Kpuie!,” kple “Ŋusẽdodo Míaƒe Xɔse Bene Míaɖu Xexea Dzi.” Nutome sue dzikpɔla aƒo nuƒo siwo ƒe tanyawoe nye, “Fifiae Nye Ɣeyiɣi Si Wòle Be Míanɔ Ŋudzɔ!,” si wotu ɖe Romatɔwo 13:11-13 dzi, kple “Mègagbɔdzɔ Le Xaxaɣi O,” si wotu ɖe Lododowo 24:10 dzi. Míele mɔ kpɔm hã na nutome sue dzikpɔlaa ƒe nuƒo si nye, “Nutome Suea Ƒe Hiahiãwo Gbɔ Kpɔkpɔ.” Nuƒo vevi bubu si míase ƒe tanyae nye, “Àte Ŋu ‘Anɔ Subɔsubɔdɔ Sia Dzi’—To Mɔɖeɖedɔa Wɔwɔ Dzia?” Nuƒo kpui eve siwo míase la ƒe gbãtɔ ƒe tanyae nye, “Minɔ Te Sesĩe Ðe Abosam Ƒe Aɖaŋu Vɔ̃wo Nu.” Akpe ɖe mía ŋu míakpɔ Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃ siwo menya kpɔna dzea sii bɔbɔe o siwo dzena le mɔɖaŋununya, modzakaɖeɖe, kple sukudede me la adze sii ahatsi tsitre ɖe wo ŋu. Nuƒo kpui si nye, “Na Ŋusẽ Nasu Asiwò Nàtsɔ Anɔ Te Le Ŋkeke Vɔ̃ La Dzi,” akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si míate ŋu awɔ Ŋɔŋlɔawo me aɖaŋuɖoɖo si dze le Efesotɔwo 6:10-18 la ŋu dɔ bliboe.

Kadodo kplikplikpli aɖe le ame si nye vɔ̃ɖinyenyetsoƒe dzi ɖuɖu kple gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒegbedeasia dome. (Nyaɖ. 12:17) Mewɔ nuku o be Satana yi edzi le Yehowa Ðasefowo dzi dzem ŋkubiãtɔe! (Yes. 43:10, 12) Gake Abosam ado kpo nu gbɔɖiametɔe, elabena míeɖoe kplikpaa be “míayi edzi atsɔ nu nyui anɔ nu vɔ̃ɖi dzi ɖum.” Wɔ ɖoɖo nyuie bene nutome sue takpekpe ƒe ŋkeke eveawo katã naɖe vi na wò bliboe.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe