Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Zã Biblia ƒe Nufiafia Gbalẽa Nàtsɔ Afia Amewo Ale Si Míewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃e
Nu Si Ta Wòle Vevie: Anɔ eme be ame geɖe menya nu si míewɔnɛ ne míegblɔ be míesrɔ̃a Biblia kple amewo femaxee le woƒe aƒewo me o. Woasusui be ele be yewoanɔ ha me asrɔ̃ nu alo be agbalẽwo ɖoɖo ɖe ame le aƒe me ƒe nusrɔ̃ɖoɖo aɖee wònye. Le esi teƒe be míado nusɔsrɔ̃ ɖe egbɔ ko la, ɖe manyo be míawɔe afiae boŋ oa? Le miniti ʋɛ aɖewo ko me la, àte ŋu afia ame aɖe ale si Biblia sɔsrɔ̃ le bɔbɔe eye wòvivinae la le ʋɔtru nu gɔ̃ hã.
Te Esia Kpɔ Le Ɣletia Me:
Do gbe ɖa na Yehowa be wòayra ɖe agbagba siwo nàdze be yeadze Biblia-nusɔsrɔ̃ yeye gɔme la dzi.—Flp. 2:13.
Ne èle gbeadzi la, dze agbagba nàzã Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa alo nàɖe video si nye Aleke Míewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃e? nàtsɔ awɔ ale si míewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃e la afia zi ɖeka ya teti.