Na Mɔkpɔkpɔ Nasu Ame Dahewo Si
1 Yesu tsɔ ɖe le eme na ame dahewo etɔxɛe. Ɣeaɖewoɣi la, ena ŋutilãmenuwo amewo nukutɔe eye wòda dɔ na wo, gake gbeƒãɖeɖe ‘nya nyuia’ na ame dahewo koŋ ŋue wòlé fɔ ɖo. (Mat. 11:5) Egbea Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa yi edzi le vi ɖem na ame dahewo kple ame bubuwo siaa.—Mat. 24:14; 28:19, 20.
2 Mɔkpɔkpɔ Vavã: Zi geɖe la, Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhakplɔlawo doa ŋugbe na ame dahewo be nuwo adze edzi na wo nenye be wonaa nu sɔlemeha la dɔmenyotɔe. Gake Biblia fia mí be Mawu ƒe Fiaɖuƒea koe aɖe ahedada ɖa eye wòakpɔ ameƒomea ƒe kuxiwo katã gbɔ. (Ps. 9:19; 145:16; Yes. 65:21-23) Ne míekpe ɖe ame dahewo ŋu wonya nu si tututue nye Biblia ƒe nufiafia la, míenaa mɔkpɔkpɔ sua wo si hekpena ɖe wo ŋu wokpɔa woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ.—Mat. 5:3.
3 Farasitɔ siwo nɔ anyi le Yesu ƒe ŋkekea me la ɖia gbɔ ame dahewo heyɔa wo vlodoametɔe be ‘am-ha·’aʹrets, alo “ame siwo le anyigba.” Gake Yesu bua “woƒe ʋu” alo woƒe agbe be ‘exɔ asi.’ (Ps. 72:13, 14) Míate ŋu asrɔ̃ Yesu ‘ahave’ ame dahe siawo ‘nu’ to dɔmenyonyo na wo kple vevesese ɖe wo nu me. (Lod. 14:31) Míadi gbeɖe be míagblɔ nya siwo ada ame dahe siwo le nuto siwo me nuwo mede amewo dzi le o me la ɖe anyi, alo ahe ɖe megbe le ɖaseɖiɖi na wo me o. Ame geɖe siwo le to ɖom Fiaɖuƒegbedeasia nye ame siwo si nu boo aɖeke mele o.
4 Kpe Ðe Wo Ŋu Fifia: Biblia me gɔmeɖosewo fiafia ame dahe siwo le míaƒe nutoa me kpena ɖe wo ŋu be woɖea ahedada ƒe nugbegblẽ dzi kpɔtɔna. Le kpɔɖeŋu me, Biblia ƒo nu tsi tsitre ɖe ahamumu, tsatsadada, kuviawɔwɔ, atamanono, kple nuwɔna bubu siwo hã nana wodaa ahe la ŋu. (Lod. 6:10, 11; 23:21; Kor. II, 7:1; Ef. 5:5) Ŋɔŋlɔawo de dzi ƒo na mí be míaɖi anukware ahawɔ dɔ “tso dzi me,” eye esiawoe nye nɔnɔme siwo dɔtɔwo kpɔa mɔ be dɔwɔlawo naɖe afia. (Kol. 3:22, 23; Heb. 13:18) Le nyateƒe me la, numekuku aɖe ɖee fia be dɔtɔ akpa gãtɔ bui be anukwareɖiɖi kple nuteƒewɔwɔ woe nye nɔnɔme siwo ŋu yewokpɔa ŋudzedze ɖo wu le dɔdilawo ŋu.
5 Yehowa tsɔa ɖe le ame dahewo ƒe fukpekpewo me. Eteƒe madidi o, Yesu Kristo aɖe “ame dahe, si le ɣli dom” la. (Ps. 72:12) Va se ɖe esime wòawɔ esia la, mɔnukpɔkpɔ ʋu ɖi na mí be míatsɔ Biblia ƒe gbedeasi si naa mɔkpɔkpɔ ame la anɔ akɔ fam na ame dahewo kpakple ame bubuwo siaa.